EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns...

33
T SIDO SIWO GƆME Ŋ Ɔ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ Mawu-Vi la dzi se, eye, le esia me la, míexɔ Agbemavɔ to Eyama dzi. Azɔ míegava ƒoƒu ake, ɤetrɔ sia, alo fiẽ sia, hena takpekpe bubu wɔwɔ, heɖo ŋu ɖe Ŋuwò hena Gbedeasi aɖe, kple nusi Nagblɔ na mí le zã sia me. Míexɔ Dziwò se, Aƒetɔ, eye míele mɔ kpɔm na Wò. Ke Ègblɔ be, “Amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la ŋusẽ yeye ɖoa wo ŋu; woadzo yi yame ʋĩ abe h ene.” Eye míele gbe dom ɖa, Mawu, bena nàtsɔ yame yiyi Ŋusẽ ma, na mí le zã sia me, esime miegale mɔ kpɔm na Wò. 2 Mieda akpe na Wò ɖe amesiawo ta, kple nusi wonye na Wò kpakple nusi wonye na nye hã la ta. Meda akpe na Wò ɖe esia ta, Fofo. Wonye kpe xɔasiwo na Wò. Eye mele gbe dom ɖa, Mawu, le zã sia me, bena naɖe Ðokuiwò ɖe go, na wo, le mɔ si hiã wo la nu. Ne dɔnɔ aɖewo le afisia la, na woakpɔ dɔyɔyɔ dzro. Ne ɖikeke le amea ɖe ƒe susu me la; ɖee ɖa, Aƒetɔ. Eye tsɔ Wò Amegbɔnɔnɔ kple Wò yayrawo na mí, elabena míehiã esiawo, Aƒetɔ. Wòenye míaƒe agbɔsɔsɔ la katã. Eye, Wò manɔmee la, míate ŋu awɔ naneke o. 3 Míele gbe dom ɖa be Nàxɔ míaƒe akpedadawo le nu siwo katã Nèwɔ la ta. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔa dzi la míele mɔ kpɔm na Wò yayrawo. Amen. Miate ŋu anɔ anyi. 4 Ke, enyo, fafa li egbe Kwasiɖa zã—zã sia me, le afisia, vie tsɔwu alesi wònɔ le nyitsɔ Kwasiɖa zã me. Mieda akpe geɖe na mía nɔviŋutsu siwo wɔ dɔ nyateƒetɔe le nusia ƒe afisia vava me. Menya ame eve alo et le wo dome. Nɔviŋutsu Mike Egan, si kpɔm mele le megbe ɖaa, kple Me…Nɔviŋutsu Mike, kple Nɔviŋutsu Sothmann, Nɔviŋutsu (mexɔ se be) Roy Roberson ye, kple Nɔviŋutsu Woods, kpakple ame mamleawo katã, wonɔ afisia, te fifia, henɔ agbagba dzem be yewoahe nusia vɛ ale be míate ŋu ase Gbedeasi sia fifi, alo egbe. Eyata, míeda akpe. 5 Azɔ, Kwasiɖa si gbɔna ŋdi, ne Aƒetɔ l la, medi be mawɔ dɔyɔyɔ takpekpea ɖe, gbedodoɖa ɖe dɔnɔwo ta. Eye míatsɔe aɖo anyi na dɔyɔyɔ takpekpe la, ne Aƒetɔ l. 6 Mede dzesii, ŋdi sia be, takuvi geɖe le afisia. Medo gbe ɖa ɖe wo ta. Eye nye la, le esime miawo mienɔ gbe dom ɖa henɔ ha dzim la, medo gbe ɖa ɖe takuviawo ta; ke azɔ geɖe wu gale afisia le fiẽ sia. Ale, míe—míexɔnɛ sena bena Mawu dana gbe le dɔlélawo ŋuti. Dɔyɔyɔ ƒe ɖaseɖiɖi triakɔ geɖewo le mía titina, kple xexeame godoo ƒoxlã, eye míenye nusiawo ƒe akpedalawo. 7 Eye mebu be, Kwasiɖa si gbɔna la, esi wònye be mazɔ mɔ vie, ke esi míelé fɔ ɖe Gbedeasi la ƒe nufiafia ko ŋuti vayi ta

Transcript of EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns...

Page 1: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ

Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ Mawu-Vi la dzi se, eye, le esia me la, míexɔ Agbemavɔ to Eyama dzi. Azɔ míegava ƒoƒu ake, ɤetrɔ sia, alo fiẽ sia, hena takpekpe bubu wɔwɔ, heɖo ŋu ɖe Ŋuwò hena Gbedeasi aɖe, kple nusi Nagblɔ na mí le zã sia me. Míexɔ Dziwò se, Aƒetɔ, eye míele mɔ kpɔm na Wò. Ke Ègblɔ be, “Amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la ŋusẽ yeye ɖoa wo ŋu; woadzo yi yame ʋĩ abe h� ene.” Eye míele gbe dom ɖa, Mawu, bena nàtsɔ yame yiyi Ŋusẽ ma, na mí le zã sia me, esime miegale mɔ kpɔm na Wò.2 Mieda akpe na Wò ɖe amesiawo ta, kple nusi wonye na Wò kpakple nusi wonye na nye hã la ta. Meda akpe na Wò ɖe esia ta, Fofo. Wonye kpe xɔasiwo na Wò. Eye mele gbe dom ɖa, Mawu, le zã sia me, bena naɖe Ðokuiwò ɖe go, na wo, le mɔ si hiã wo la nu. Ne dɔnɔ aɖewo le afisia la, na woakpɔ dɔyɔyɔ dzro. Ne ɖikeke le amea ɖe ƒe susu me la; ɖee ɖa, Aƒetɔ. Eye tsɔ Wò Amegbɔnɔnɔ kple Wò yayrawo na mí, elabena míehiã esiawo, Aƒetɔ. Wòenye míaƒe agbɔsɔsɔ la katã. Eye, Wò manɔmee la, míate ŋu awɔ naneke o.3 Míele gbe dom ɖa be Nàxɔ míaƒe akpedadawo le nu siwo katã Nèwɔ la ta. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔa dzi la míele mɔ kpɔm na Wò yayrawo. Amen. Miate ŋu anɔ anyi.4 Ke, enyo, fafa li egbe Kwasiɖa zã—zã sia me, le afisia, vie tsɔwu alesi wònɔ le nyitsɔ Kwasiɖa zã me. Mieda akpe geɖe na mía nɔviŋutsu siwo wɔ dɔ nyateƒetɔe le nusia ƒe afisia vava me. Menya ame eve alo et� le wo dome. Nɔviŋutsu Mike Egan, si kpɔm mele le megbe ɖaa, kple Me…Nɔviŋutsu Mike, kple Nɔviŋutsu Sothmann, Nɔviŋutsu (mexɔ se be) Roy Roberson ye, kple Nɔviŋutsu Woods, kpakple ame mamleawo katã, wonɔ afisia, te fifia, henɔ agbagba dzem be yewoahe nusia vɛ ale be míate ŋu ase Gbedeasi sia fifi, alo egbe. Eyata, míeda akpe.5 Azɔ, Kwasiɖa si gbɔna ŋdi, ne Aƒetɔ l� la, medi be mawɔ dɔyɔyɔ takpekpea ɖe, gbedodoɖa ɖe dɔnɔwo ta. Eye míatsɔe aɖo anyi na dɔyɔyɔ takpekpe la, ne Aƒetɔ l�.6 Mede dzesii, ŋdi sia be, takuvi geɖe le afisia. Medo gbe ɖa ɖe wo ta. Eye nye la, le esime miawo mienɔ gbe dom ɖa henɔ ha dzim la, medo gbe ɖa ɖe takuviawo ta; ke azɔ geɖe wu gale afisia le fiẽ sia. Ale, míe—míexɔnɛ sena bena Mawu dana gbe le dɔlélawo ŋuti. Dɔyɔyɔ ƒe ɖaseɖiɖi triakɔ geɖewo le mía titina, kple xexeame godoo ƒoxlã, eye míenye nusiawo ƒe akpedalawo.7 Eye mebu be, Kwasiɖa si gbɔna la, esi wònye be mazɔ mɔ vie, ke esi míelé fɔ ɖe Gbedeasi la ƒe nufiafia ko ŋuti vayi ta

Page 2: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

2 NYA SI WOGBLƆ LA

la, mebu bena anye nu nyuia ɖe ŋutɔ be míawɔ dɔ—dɔyɔyɔ ƒe takpekpe, ado gbe ɖa ɖe dɔlélawo ta. Eye míexɔe se be Mawu ana mí ɤeyiɤi dzeaniwo.8 Azɔ, enɔ na mia dometɔa ɖewo be miaku ʋu kilometa geɖewo le zã sia me. Ale egbe la, menɔ nu ƒom na ameha aɖewo le—le Blue Boar ƒe Kɔfinoƒe, afisi menɔ fiẽnu ɖum le. Mete ŋu na asi ame nyuie geɖewo, heƒo nu kpli wo, nye kple amesiwo nyemekpɔ kpɔ o, esiwo vana hamea me le afii. Eye meda akpe ɖe x�l� siawo tɔgbe ta, eye medi be mada akpe na mia dome amesiame. Wo dometɔ aɖewo fɔ nyitsetsewo, hetsɔ vɛ na mí. Eye ame ɖeka aɖe ya tsɔ suklitsi go ɖeka, alo foŋfoŋtsi totoe, mexɔse be ye bɔŋue, kple—kple nuwo keŋ. Mienya nusi nu siawo nye nam o. Eye ŋdi aɖewo ne mef�, hedo go le aƒe me, ɤea ɖewo ɤi le afima la…9 Nyitsɔ ŋdi nɔviŋutsua ɖe si nɔ afima ɖo xaxa me ŋutɔ, awu kple nuwo menɔ esi o, edi tso asinye be mayi ɖadi awua ɖewo vɛ na ye. Ðeko mebe mado go, teti ko la mekli nyitsetse tɔkpo ɖeka si woda ɖe afima. Mebia be, “Wòe he nyitsetseawo vɛa?”10 Ke ebe, “Kpao, nyemenya nyaa ɖeke kuɖe eŋuti o. Meva afisia f�ŋli ke hafi ŋu ke, eye ele afima hafi meva.” Ke Nɔvinye ŋutsu vevie Ruddel ye he wo vɛ nam. Eye, ekema, mekpɔa ŋudzedze le nu siawo ŋuti ŋutɔ.11 Billy Paul gblɔ nam fifi laa, medidi o, bena le ƒoƒuƒea me fiẽ sia la, wowɔ nudzɔdzɔ, nam. Me—meda akpe na mi ɖe eta. Nyemedi tso miagbɔ be miawɔ esia hafi o. Me—mekpɔ ŋudzedze le miaƒe agbagbadzedzewo, kple nu bubuawo ŋu, gake esia ya mele vevie o. Eye, gake la, Aƒetɔ neyra mi. Minyaa, minya be, Biblia gblɔ be, “Zi alesi miwɔe na ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka la, Nyee miewɔe na.”12 Azɔ, ewɔ abe, meƒo nu na mi, le Gbedeasi la me, kple nya sẽsẽwo. Eye Me…Ðewohĩ amea ɖewo ava bu be—be ɖe mesusu be Yesu ava le ŋdi sia alo zã sia me. Mesusui. Azɔ, nyemegblɔ bena Ava o. Eye, ziɖeka ke la, ate ŋu anye be Mava le kwasiɖa ɖeka me o, ate ŋu anye ƒe si gbɔna, ate ŋu anye le ƒe ewo megbe. Nyemenya ɤekaɤie Wòle vava ge o. Gake, nu ɖeka ko medi be…nenɔ susu me na mi ɤesiaɤie nye bena, mianɔ klalo na minuti alo gaƒoƒo ɖesiaɖe. Mikpɔea? Ale bena, ne Meva egbea o la, ɖewohĩ Ava etsɔ si gbɔna. Eyata milé esia ɖe susu me, bena Egbɔna.13 Eye nyemenya ɤekaɤie anye nye gaƒoƒo mlɔetɔ le anyigba sia dzi o, eye mía dometɔa ɖeke hã menya etɔ o. Eye amea ɖeke hã mele mía dome nya ɤekaɤie Wòava o. Eya Ŋutɔ hã, menya o, le Eya Ŋutɔ ƒe Nyawo nu; Egblɔ bena, “Fofo la, ɖeka koe, nya ɤeyiɤi si me Yeava; Vi la ŋutɔ hã menya ɤeyiɤi si Wòava la o.” Anye ɤesiɤi Mawu agadɔ Eyama ɖe mí ake. Gake la míele mɔ kpɔm na Eƒe Vava. Eye ne Meva le nye dzidzimea me o la, Ate ŋu ava le esi gbɔna la me; ne Meva le ema hã me o la, Ava le esi adze eyome

Page 3: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 3

la me. Gake, na nye la, beblie mate ŋu kpɔ be ɤeyiɤia ɖe gasusɔ. Ðeko me…Na nye ŋutɔ ya la, ate ŋu ava eme le aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe me. Azɔ la, menye ema gɔmee nye be…Menye ema gɔmee nye, azɔ, be míakpɔ dziƒowo wòatrɔ kple nuwo keŋ o…. Menye Vava ma gblɔm mele o. Kɔkɔdzoe ƒe nya gblɔm mele.14 Mikpɔea, Ewɔ Vava zi et�. Eva le Vi ƒe ŋkɔ me zi et�. Eva le trinita me; Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. Kpɔ ɖa, wo katã wonye Kristo ɖeka ma, Mawu ɖeka mae, ɤesiaɤi. Azɔ, mienya be Eva kple amenuveve ƒe dɔwɔwɔ et�awo; afiatsotso, kɔkɔewɔwɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyr�. Nusianu, le Mawu me, dea blibo le et� me.15 Eye ale Eva, gbã, be yeaxɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la ƒle. Ava, zi evelia, esi anye Kɔkɔdzoe, be Yeakɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la dzoe. Emegbe, Ava, zi et� lia, kpakple Eƒe Ŋugbetɔa, Fia kple Fiasr�; ɤemaɤie ame geɖewo le mɔ kpɔm na Vava la. Gake ne Eva fifia la, kloe la amea ɖeke o negbe amesiwo le klalo la koe anya be Eva. Ðeko amewo magava nɔ anyi o. Womanya nusi dzɔ ɖe wo dzi o. Ðeko wòakɔ wo dzoe, le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye ɖeko wòabu vĩ. “Woatrɔ woƒe nɔnɔme, le aɖabaƒoƒo ɖeka me.” Eyata minɔ klalo na esia ko. Ava nye nu dziŋɔa ɖe ŋutɔ gbeɖeka ŋdi be wò ame l�l�a nàbu ɖewò, amea ɖeke madi wo akpɔ o. Ðe manye nu veame ŋutɔ be nanya be eva yi vɔ eye yedae ƒu o mahã? Eyata nɔ Mawu ƒe ŋku me ko.16 Azɔ, kwasiɖa si gbɔna me, ne Aƒetɔ l� la, Dzoɖa si gbɔna gbe, evea gbe, tso Dzoɖa sia dzi, ne Mawu l� la, matrɔ kplɔ ƒomea yi Arizona afisi wole suku dem le, emegbe la ma—magatrɔ gbɔ.17 Azɔ, nyemedona yia afima ko…ne menye be takpekpea ɖee le afima si me manɔ o. Bebli hafi menɔa Arizona. Medzona yia afi bubu. Makplɔ sr�nye yi afima, le Dzoɖa si gbɔna gbe. Magatrɔ va afisia ake. Matso le afisia ayi British Columbia. Matrɔ gbɔ va Colorado. Magava nɔ Arizona ɤeaɖeɤi si te ɖe Blunya ŋu, minuti ʋee aɖewo, edidi akpa…ɖewomahĩ ŋkeke eve alo et� ko, aƒoƒu ƒomea, agbɔ va afisia ato Blunya mɔkekea me, ne Aƒetɔ l� la, mawɔ takpekpe ato ƒe yeyea ƒe kwasiɖa me le afisia.18 Ke ekema kloe la, menɔna teƒe sia, tsɔwu. Menɔna afisia zi gbɔ zi ewo tsɔwu afi kemɛ, elabena hamea ɖeke alo takpeƒea ɖeke mele afima na mí o, naneke mele afima na mí o, ke, le sɔlemedede gome. Nu ɖeka si menyo le eŋuti o lae nye ma. Afia ɖeke meli si madɔ ɖeviwo ɖo be woase Gbedeasi siawo o, abe alesi mia viwo va senɛ le afisia ene o, ke—ke ekema la emae nye nu ɖeka si mede mía dzi o. Gake la wo katã ƒe lãme sẽ nyuie geɖe wu. Ŋdɔ ʋuna, dzodzo li, xexeame kɔna, gake ɖeviawo katã dze abe ɖe wole lãmesẽ me tsɔwu ene. Nyemetɔ ɖe afima didi be manya ne dɔléléwo li loo alo womeli o. Menɔa tsaɖiɖi dzi ɖaa, eye me—me—mesusu be wodzim menye tsatsala.

Page 4: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

4 NYA SI WOGBLƆ LA

19 Sr�nye yɔam be…menya be ele afisia, eyata mava kpɔe xoxo le sɔleme megbe, mi katã minyae. Aleke woyɔnɛ ɖo, dziya, alo yali, alo alekee ko—alekee ko, minyae, ke ʋudu yea? Alo la, mele du dzi ɤesiaɤi, le gbɔgblɔ bubu me. Ke meɖe sr�, ƒe blaeve vɔ eve nye si fifia, eye, ɤea ɖewo ɤi la, mebuna ɖokuinye abe amedzro menye ene le aƒea me, elabena ele nam be magadzo tsã. Gake mele mɔ kpɔm na ɤeyiɤi si me míava bɔbɔ nɔ anyi ɖe teƒe ɖeka le mía De du me gbeɖeka. Gake fifi la aʋa la le edzi yim, eyata mina míanɔ gbedodoɖa dzi.20 Migaŋl� be o, nyitsɔ Kwasiɖa si gbɔna gbe ŋdi, ne Aƒetɔ l� ko, mikplɔ miaƒe dɔlélawo kple fukpelawo vɛ. Miva kaba, miava xɔ nɔƒe, eye ɖewohĩ amehaa ɖe li si ta woado gbe ɖa ɖo. Míemã gbedoɖameta gbalẽviwo. Ne mesɔ gbɔ o la, mímele gbedoɖameta gbalẽviawo mã ge ko be, míaɖo fli sue aɖe si axɔ ame wuieve teƒe eve alo et� sinu alo, nane nenema ko o. Gake mí—míele agbalẽviawo mã ge ya, eyata ɖewohĩ míamãe gaƒoƒo ɖeka do ŋg� na takpekpea ŋutɔ, esi ke mebu be axɔ…Ga enyi mee, alo ga enyi kple afã, woamã agbalẽviawo; woaʋu gbedoxɔa, amã agbaleviawo nyitsɔ Kwasiɖagbe ŋdi. Eyata ka ɖe dzi be yeanɔ afisia hena wò…Mikplɔ míaƒe l�l�tɔwo vɛ, mikɔ wo va eme le afima. Gbedoxɔ la me afa eye anya nɔnɔ, nenye be wole dɔ lém la, míawɔ míaƒe nutete ado gbe ɖa ɖe wo ta.21 Akpe na mi, zi ɖeka ke, le l�l�nu nudzɔdzɔ la ta.22 Ke azɔ la míele Mawu ƒe Nya suea ɖewo xlẽ ge, fiẽ sia, ke minɔ klalo ake be Eƒe Amegbɔnɔnɔ ƒe nudzɔdzɔ sia nahe Eƒe Nya la vɛ na mí. Azɔ, míenya bena míawo míate ŋu axlẽe, gake ele be Mawu naɖe tometi la afia. Mikpɔea? Miate ŋu atsɔ nuxexlẽ la, gake ele be Mawu naɖe tometi la afia. Eye esime minɔ ekem azɔ ɖe Yeremia ƒe Agbalẽ, ta 2 lia me.23 Medi be magblɔ bena edzɔ dzi nam be, Nɔviŋutsu Lee Vayle, le míagbɔ, enye nɔviŋutsu vevi aɖe le Aƒetɔ me. Eye mesusu be le afisia, nɔviŋutsu si le afisia, nyemate ŋu asusu eƒe ŋkɔ o, Nɔviŋutsu Willard Crase. Eye mele nɔviŋutsu siwo tso Arkansas hã kpɔm, Nɔviŋutsu John kple mamleawo, siwo tso Poplar Bluff gbɔ heva, kple Nɔviŋutsu Blair. Eye, oo, Nɔviŋutsu Jackson, kple Nɔviŋutsu Ruddell, kple ame geɖe siwo nye—nye mate ŋu…Edzrom be mayɔ amesiame ƒe ŋkɔ, gake ɖeko nyemate ŋu awɔe o, eye miase egɔme. Nɔviŋutsu Ben Bryant, mekpɔe wònɔ afisia; eyae nye amesi nɔa amen ƒe kɔna dzi nam edziedzi ne mele…Amesiame nya Ben kple eƒe gbe. Uh-huh.24 Gbeɖeka, esi míenɔ California la, menɔ gbeƒã ɖem Gbedeasi aɖe na Baptiste tɔwo le balia me ɖaa. Wotu agbadɔ gãa ɖe, eye Baptiste tɔ ameŋkuta geɖe ƒomeviwo nɔ afima. Nyemete ŋu se “amen” ɖeka pɛ hã tso afia ɖeke o; minyae, le vɔv� ta be wo dome nyɔnua ɖewo ƒe tu ava kaka ɖe mo na wo. Ke azɔ, hafi nànya la, mekpɔ afɔ eve le yame, sigbe alea ene, kple asi gã eve,

Page 5: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 5

kple ɖa yibɔ si le ʋuʋum le afima, hele xɔxl�m ɖaa be, “Amen,” le ɤli dzi nenema. Eye meɖe kɔ kpɔ anyi me, hegblɔ be, “Ben, afika nètso?” Enɔ gbe ɖem ŋutɔŋutɔ ɖaa be “amen.”25 Mekpɔ sr�a ɖe ŋku va kpɔe, vie. Enyo, eƒe taɖa yibɔ ma ƒe via ɖe bebe le ta nɛ, gake enyo nenema, minyae. Mègaxa nu le ema ŋuti o. Tɔnye bebe, fifia, eteƒe didi. Ke, azɔ, migaŋl� gbedodoɖa be o.26 Azɔ esime mieɖo subɔsubɔa ƒe akpa vevitɔ la, miɖo ŋku dzi be, ne míexlẽ Nya sia la, ekema Mawu ayra Eƒe Nya la. “Magatrɔ yi Egbɔ ƒuƒlu o, negbe ɖe Wòawu nusi gbe wodɔ Esia ɖo la hafi.” Eye menya be, le Nya la xexlẽ me la, mawɔ nusi le eteƒe kokoko. Ne mexlẽ Nya la la, Mawu ade bubu Eƒe Nya ŋu tsã.27 Azɔ mina míatso ade bubu Eƒe Nya la ŋuti. Yeremya, ta 2 lia, kpukpui 12 kple 13 lia le Yeremya 2 me.

Yehowa be, O…dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta, miaƒe lãme neble fu, eye miaƒe mo newɔ yaa.

Elabena nye dukɔ wɔ v� ƒomevi eve; wogblẽ nye, amesi nye tsi gbagbe vudo la ɖi, eye be woaɖe, tsido na woawo ŋutɔ ɖokui, tsido siwo gɔme ŋɔ, tsi ɖeke mate ŋu…anɔ wo me o.

Mina miade miaƒe tawo to azɔ.28 Mawu L�l�a, woxlẽ Wò Nya la. Eye míele gbe dom ɖa be Nàde bubu Wò Nya la ŋu ale be nana mí fiẽ sia lododo la alo nusi sɔ Kplii la; esime míekpɔ, Israel, le ŋkeke siwo va yi me, abe Kpɔɖeŋu ene, le alesi Biblia fia mí nu bena ne míekpɔ nusi ke Nèwɔ wo, le esime woɖo to Nya la, hekpɔ nusi ke Nèwɔ wo esime wodo vlo Nya la la, ekema míasr� alesi dze be míaɖe afɔe. Eyata, miele gbe dom ɖa be Nàƒo nu na mí le fiẽ sia le mɔ tɔxɛ aɖe dzi, ale be míanya alesi míazɔe le egbe ŋkeke sia me, esi míesr� ŋdi sia be esia mee miele agbe le. Elabena míebia le Yesu ƒe Ŋkɔa me. Amen. Miate ŋu anɔ anyi.29 Medi be maƒo nu fiẽ sia le tanya aɖe ŋu, hena ɤeyiɤi kpuie a—aɖe bena : Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ.30 Israel wɔ v� gã eve. Mawu gblɔ bena wogblẽ Ye ɖi, Ye si nye Tsi gbagbe Vudo la, eye woku tsidowo na woa ŋutɔ ɖokui be yewoano tso eme. Azɔ, nanee nye ma.31 Susu si ta mebu nuxexlẽ sia ŋuti lae nye bena ɖewohĩ anya sɔ kple nusi gblɔm menɔ ŋdi sia, kuɖe gaƒoƒo si me míele agbe le, kple Taɖodzinu si ta míele ʋiʋlim ɖo la.32 Eye míekpɔ Israel abe kpɔɖeŋu ene, bena, nusi Mawu nye tsã la, ele nɛ be Wòaganyee kokoko. Eye nu ɖeka koe li si ŋuti Mawu dea bubui, eyae nye, Eƒe mɔ si Wòta ɖi na eƒe dukɔ la. Eye ne wogblẽ mɔ sia ɖi la, ekema womede bubu Mawu ŋu o, eye Mawu hea fukpekpe vana dukɔ la dzi le esi wodzo le nusi Wògblɔ na wo be wòawɔ la gbɔ ta, meka nusi wònye o.

Page 6: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

6 NYA SI WOGBLƆ LA

Etsɔ se la ŋutɔ g� hã na wo, “Mègaka asi eŋu o, mègalé kpɔ o, mègaɖɔe se o.” Menye ɖe v� si le ewɔwɔ me ta ɖeɖe ko o, gake v� si le nusi Wògblɔ dzidada me la ta. Eye kokoko la se la mate ŋu anɔ anyi sea ŋutitohehe manɔmee o. Elabena, ne tohehe meli o la, ekema, se la hã mekpɔ ŋusẽ o negbe ɖe tohehe li nɛ ko hafi. Se la!33 Azɔ, míekpɔ bena, nusi wowɔ gbaɖegbe la di be yeasɔ kple nusi wɔm míele egbe, nusi hame tɔwo le wɔwɔm.34 Azɔ míekpɔ nane le afisia si wɔ mo yaa. Ðewohĩ awɔ mo yaa ɖe amea ɖewo hã, le esime Wògblɔ be, “Miɖe, woɖe, tsidowo na woawo ŋutɔ ɖokui, tsido siwo gɔme ŋɔ.” Azɔ ɖewohĩ mia dometɔa ɖewo menya nusie nye tsido o. Ame nenie nya nusie nye tsido? Enyo, mia dome amesiame kloe. Nenye ɖe mietsi le agbledzi la, anye ne mianya nusie nye tsido. Meɖo ŋku edzi be meno nudzodzoewo le eɖe me kpɔ, bene—bene mianya nu—nusie nye tsido. Megblɔ mawunya kpɔ le dua ɖe me, afisi atiɖuɖuwo bɔ ɖo, eye wokua tsi le tsido me kplu gãa ɖeka dana ɖe afima, si yɔna kple tsi—tsi si dza, minyae, eye wòle sigbe ɖe wòdo xoxo vie. Eye—eye nudzodzoewo, va gena ɖe eme, le zã me. Ke ale la menya nusie nye tsido.35 Tsi—tsido enye te—teƒea ɖe, nane si woɖe ɖe gu me, be wòaɖɔli vudo. Afisie vudo mele amewo si o la, ekema woɖena tsido. Le gbɔgblɔ bubu me la, tsido nye nugo ametɔwɔwɔea ɖe alo vudo si le gu me nye ame ŋutɔ tɔwɔwɔa, esi ame ɖe, be yeatsɔ xɔ tsie, si—si yeazã. Amea ɖewo zãnɛ hena tsilélé, eye ɖewo hena tsinono, eye ɖewo hã le mɔ vovovowo dzi mahĩ. ɣea ɖewo ɤi la, tsi si katã nɔna míasi la koe nye, tsi si le tsido me. Nu xoxoe aɖe nɔ míasi si wòle be natroe, atroe, atroe, atroe, atroe, hafi akpɔ tsi via ɖe; tɔkpo sue aɖe le eŋu, si wotsɔna dua tsi le tsido la me.36 Enyo, míede dzesi nu ɖeka le tsido ŋuti si to vovo na vudo. Azɔ, tsido aɖi ƒuƒlu. Tsi—tsi—tsido la mate ŋu ayɔ eɖokui o. Woma—ma…Womate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu o. Mate ŋu aɖo ŋu ɖe tsido ŋu o. Ele na eya hã be wòaɖo ŋu ɖe, alo wòakpɔ tsidzadza sinu esi ke dzana le dzome ŋɔli alo le vuvɔ ŋɔli, ɖesiaɖe si wònye ko…Enuenu la, le vuvɔ ŋɔli ne tsi kple tsikpe dza la, ekema akplɔ tsi la ayi ɖe tsido me. Ke ne miexɔ tsi ma o la, ekema tsia ɖeke manɔ mia—miasi o. Eme—eme…aƒu keŋ. Eye eya ŋutɔ mate ŋu agadzi tsi o. Tsido xoxoe la ŋutɔ mate ŋu agadzi tsi o. Tsi—tsi si dzana la koe wɔnɛ be wògayɔna.37 Ke medi be miagade dzesi nu bubu aɖe kuɖe tsido ŋuti. Enuenu la, miakpɔ be, alo alesi wòle le míagbɔ la, tsido la…Enuenu la lãkpo la lolona ade aƒe teƒe eve nu, eye enuenu la woxɔna tsi tso lãkpo la tame, va kɔna ɖe tsido la me. Meɖo ŋku dzi be tsido xoxoa ɖe nɔ xexe afima, esi ŋutie…esi mee tsi—tsitó lɔa nu hoo heva dea nu eme, eya hã, tso lãkpo la tame. Exɔa tsi tso lãkpo la gbɔ.

Page 7: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 7

Ale be tsi la tsoa lãkpo la ƒe tame; afisi ke, lãwo katã nɔna afɔ tum anyi le le lãkpoa ƒe xɔxɔnu, eye ɖi siwo kãta le lãkpoa ƒe xɔxɔnu la hona va dzea ɖe lãkpoa tame, le dzome ŋɔli. Eye emegbe la tsi dzana hekplɔnɛ le xɔa tame, ato tsitrɔnu ma si nye ametɔwɔwɔea me, ayi ɖe fuɖe si nye ametɔwɔwɔea me, eye wòayi kɔ ɖe tsido si nye ametɔwɔwɔea me. Eye ne mekpɔ ŋuny� o la, ekema nyemenya nuka nagate ŋu akpɔ o, nenye be tsido le asiwò. �, amegã! Nua katã nye ametɔwɔwɔea, ke eƒo ɖi ko alesi wòate ŋui.38 Minyaa, míeyɔnɛ be…Míetsɔa ɖo vuvu si tsiɔna nu la ɖoa enu. Ðe miekpɔ numa kpɔa? Ele be wòatsɔ ɖo vuvu si tsiɔna nu la aɖo enu, bene wòalé nudzodzoewo katã kple ɖi si tso lãkpo la—la tame, kple teƒeawo katã, heva kɔna ɖe tsido la me, tso teƒe si kple ekemɛ. Eye edziedzi la mietsɔna ɖo vuvu si tsiɔna nu la ɖoa enu, bene wòalé a—adrũ kple nu ɖesiaɖe si míate ŋu alé la ko. Ne wòagblɔe la, esia mate ŋu alé ɖi la ŋutɔŋutɔ o, lolotɔ siwo gbɔna ava geɖe eme la koe wòléna. Nudzodzoe ate ŋu atsi eme, gake nudzodzoea ƒe tsi ya ayi ɖe eme kple tsia. Ekema, mia—miakpɔ ŋuny� teƒe vavã ne tsido xoxoe ƒoɖi mae le mia si.39 Le ŋkeke ʋeea ɖewo me, ne mieɖe asi le tsi ma ŋu ɖe afima la, aƒãƒã. Ne eɖe asi le tsi ŋu ɖe tsido me la, eƒãƒãna. Eye eme yɔna fũ kple—kple akpɔkplɔwo, kple adoglowo, kple dawo. Kpakple numa si míeyɔna be “takpoɖoewo,” wonye nu vi sue aɖewo…nyemenya ne…Womenye aɖifuɖi-ŋɔ ya o, wonye…Nyemate ŋu, nyemenya alesi mieyɔnɛ o. Gake nu vi suea ɖewo gena ɖe tsia me, esi—esi míeyɔna be takpoɖoewo. Minya nusi wonye. Ame nenie dzesi nu si gblɔm mele? Oo, nukaŋutie, tsã ɖe, mi míade tɔwo katã minya numa. Miɖe mɔ be tsi ƒãƒã nayɔ nuwo katã, ekema nenem ƒe tsi ƒãƒã l�lawo hã age ɖe eme. Eva xoxo, elabena eƒãƒã vɔ. Eye esi wòƒãƒã ta la, ehe lã siwo l�na nusi ƒãƒã la de eme.40 Eye egasɔ kple miaƒe hamewo egbe. Mesusu be míeɖe asi le…Nuv� gã ɖeka si hamea wɔ egbe, abe alesi ko Israel wɔ tsã ene la, enye bena egblẽ Eyama, Tsi gbagbe Vudo la ɖi, eye woɖe tsido ametɔwɔwɔeawo na woa ŋutɔ ɖokui. Ale wòtrɔ zu nusianu si l�a tsi ma ƒomevi la ƒe nɔƒe. Adoglowo, akpɔkplɔwo, kple dɔlékui makɔmakɔ ƒomevi ɖesiaɖe, le agbe le eme, elabena tsigo ametɔwɔwɔea ye. Eye nenem nuwo nɔa agbe le tsigo ma me, esi nye kpɔɖeŋu blibo na miaƒe kɔmahatsɔŋkɔ metɔwo egbe.41 “Azɔ,” miagblɔ be, “Nɔviŋutsu Branham, nukata nèle nu xlãm ɖe ame mawo nenema gbegbe?”

Edze be wòaxlã nu ɖee. Ele be wòaxlã nu ɖee. Misi le eŋu, elabena egbɔna lã la ƒe dzesi nye ge mlɔeba. Miɖo ŋku edzi, esia nye Nyateƒe! Ava zu lã la ƒe dzesi. Kɔmahatsɔŋkɔ akplɔ ame tẽ ayi ɖe me. Ele eƒe mɔ dzi ɖota afima fifia, be yeazi ame dzi, kple ŋusẽ.

Page 8: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

8 NYA SI WOGBLƆ LA

42 Mikpɔ Roma fiaɖuƒe tsãtɔ la ɖa. Numa tututue kplɔ wo yi megbedede ƒe dzesi la gbɔ. Miekpɔ bena amea ɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu ne mexɔ lã la ƒe dzesi o. Ele nɛ be wòaxɔe.43 Ame hatsotso eve koe le anyigbadzi nɔ ge; amesiwo xɔ Mawu ƒe Nutrenu la, kple amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi. Hatsotso eve pɛ koe, eyata ele na wò be nàxɔ ɖeka alo evelia. Anye megbedede, su—subɔsubɔ ƒe—ƒe dzesi, subɔsubɔ si de megbe la.44 Eye egbɔna legba wɔ ge na lã la. Abe alesi míesr�e ene, míekpɔe bena Romae nyee tsã, fifia, eye ɖaasi anye dzes-…alo, lã la. Nenema tututue. Mɔnua ɖeke meli woakpɔe ɖe bubu o. Romae!45 Ke nuka Roma wɔ? Etrɔ tso Roma tr�dua me va zu Roma papadua, heɖo nuɖoanyi aɖe anyi, xexeame katã ƒe nuɖoanyi, esi ke zi ame ɖesiaɖe dzi be wòaɖo subɔsubɔ ɖeka ma me alo wòawui.46 Eye enye nusi wɔ mo yaa bena Amerika sia va do, eye wòle abe alẽvi ene. Eye alẽvi la to dzo sue eve, esiwoe nye dzena dukɔmevi tɔa kple kristohame tɔa. Eye sẽ ko la, esi wònye alẽvi la, míekpɔe bena eƒo nu emegbe abe ʋɔdriba ene hewɔ ŋusẽdɔ siwo katã le ʋɔdriba la si le eƒe ŋku me. Eye Biblia gblɔ na mí bena wogblɔ bena, “Mina míawɔ legba ɖe lã la ƒe nɔnɔme nɛ.” Nane ƒe nɔnɔme la enye nane si ɖi bubu aɖe. Eye míate ŋu akpɔe fifi laa bena, le eƒe megbedede ƒe nɔnɔmea me la, hame la le Xexeame Hamewo ƒe Adaŋudeha wɔm, esi enye legba si wowɔ na Roma ƒe ŋusẽ la; eye woazi nu ɖeka ma ke si Roma tr�dua wɔ la ɖe ameawo dzi…alo esi Roma papadua wɔ. Ekema, mɔnu bubua ɖeke meli o, nu bubua ɖeke o. Ke boŋ esia nye Nyateƒe la.47 Eye esiata mele nu xlãm ɖee le nye agbenɔɤi sia me, le nye ɤeyiɤi me, elabena edze be wòaxlã nu ɖee. Yɔyɔ la ɖi xoxo, bena, “Mido go tso me, Nye dukɔ, bene miagade ha kplii le eƒe nuv�wo me o!”48 Azɔ, metsɔ nusia sɔ kple tsido ƒoɖi, ny�ŋu mawo. “Eyae nye Agbetsi Vudo la. Eyae nye Tsi gbagbe la.” Ke ame gblẽ Esia ɖi, heɖe tsidowo na wo ɖokui esi mateŋu alé naneke wu ŋuny� o. Eya ɖeɖe ko wòate ŋu alé. Eye nusia kee kɔmahatsɔŋkɔ tɔnyenye wɔna; eléa nusianu si va yina hedi be yeage ɖe me la. Wol�na faa be yewoaxɔe de me ne ga via ɖe nya le esi ko alo ne ate ŋu ado awu le nɔnɔme aɖe me ko. Meka amesi ƒomevi wonye o, afisi wòtso o, ɖeko, woxɔnɛ.49 Azɔ míegakpɔ, hã, bena, lã la ƒe dzesi sia la teƒe siae wowɔe le. Amerika, enye, nɔmba wuietɔ. Edzɔ kple dutanyigba wuiet�. Aflaga si me ɤletivi wuietɔ, kple gbaka wuiet� le la le esi. Eye wogado hã le Nyaɖeɖefia ta wuietɔ lia me. Eye Amerika nyena nyɔnu ɖaa kokoko, wotae ɖe míaƒe ga dzi. Indiatɔ ƒe ta, si le peni dzi g� hã, to nyɔnu ƒe nɔnɔme. Minya

Page 9: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 9

nusia, minya eƒe ŋutinya la. Nusianu, Ablɔɖe Ga la, kple nu bubu ɖesiaɖe, ablɔɖe…Ablɔɖe Kpetata la, kple nusianu, nye nyɔnu. Nyɔnu; nɔmba wuiet�. Mikpɔea? Azɔ, e—enyo ŋutɔ be wòakpɔ nu siawo.50 Eye azɔ megblɔ do ŋgɔ to ɖeɖefia si tso Mawu gbɔ, alo ŋutega si tso Mawu gbɔ la me, alo 1933 me ƒe ŋutegaa ɖe me, bena nu adre adzɔ hafi nuwuɤi laɖo. Eye bena, wo dometɔ ɖeka, enye bena, “Mussolini,” amesi nɔ akpasesẽ dziɖula zum le ɤemaɤi la, “ava zu akpasesẽ dziɖula. Eye, gawu la, aho ayi du xɔ ge eye woayi ɖe Kus, eye wòaxɔ Kus. Ke Gbɔgbɔ la, Egblɔ bena, ‘Aɖe afɔ adze anyi.’”51 Nyemenya ne ame xoxoawo ƒe ɖe gasusɔ ɖe agbadɔa me o, woaɖo ŋui be megblɔe le Redman ƒe Kɔtuxɔ gã la me le afisia si míegblɔ mawunya le, ƒe geɖe, geɖe fũ va yi. Ðe amea ɖe le xɔa me, le zã sia me, si susɔ le amesiwo nɔ Redman ƒe Kɔtuxɔ gã me la dome esime megblɔ mawunya ma, le ɤesiɤi woɖe N.R.A. ɖe go, gbaɖegbe ke le Roosevelt ƒe ɤleti et� gbãtɔawo me mahã? Mebu be ame ɖeka pɛ hã mele xɔa me le afisia o. Amea ɖe lia? �hẽ, �hẽ, ɖeka, ame ɖeka li. �, Aƒenɔ Wilson, meɖo ŋku edzi. Sr�nye, si bɔbɔ nɔ megbe ke hã. Ame eve susɔ, le amesiwo nɔ anyi gbemagbe la dome tso dzidzime xoxoa me. Bena, esi wogblɔ bena N.R.A. siae nye lã la ƒe dzesi la, megblɔ bena, “Naneke mekae o; kura koŋ o. Lã ƒe dzesi metso afisia o. Etso Roma ke. Eye esia mate ŋu anye lã la ƒe dzesi o.”52 Ke Azɔ miɖo ŋku dzi be wogblɔ nusiawo. Megblɔ bena, “Adolph Hitler ƒe nunuwu ava nye amlima nua ɖe. Eye aho aʋa ɖe Amerika ŋu. Eye woatu kpegli gã—nu—nu gã sẽŋu ŋutɔa ɖe, ale be woanɔ eme g� hã. Eye le afima tututu la aʋa asi Amerikatɔwo eteƒe makɔ o, le glia dzi.” Ke eyae nye Siegfried gli la, megblɔe ƒe wuiɖekɛ do ŋgɔ hafi wova dze etutu gɔme g� hã. Eye megagblɔ hã be, “Gake ava ɖo nuwuwu; eye Amerika laɖu aʋa la dzi.”53 Eye ale megblɔ, bena, “Izm et�e li; Nazism, fasizm kple kɔmmunizm.” Eye megblɔ be, “Wo katã woava wu nu ɖe kɔmmunizm me. Rɔsia akplɔ ye katã yi ɖe, kɔmmunizm me.”54 Eye megblɔ be, “Ekema dzɔdzɔmenunya ade dzi ale gbegbe, amegbetɔ lava dze aɖaŋu ŋutɔ, ʋuu kaka aɖe nu geɖewo toe vaseɖe esime wòawɔ ʋu aɖe si anɔ abe koklozi ene, esi ƒe tame anɔ abe ahuhɔe ene, eye ŋusẽ tutɔ aɖɔe esi manye ʋua ƒe kuɖɔ o.” Ke wowɔ ʋu la xoxo.55 Eye megblɔ be, “ɣemaɤi me nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ lage azu gbɔɖinu, ale gbegbe be woava zu ŋukpe na dukɔwo katã. Wogbɔna ŋutsuwu do ge. Wogbɔna edzi yi ge anɔ awu ɖem ɖi vaseɖe esime le nyateƒe me la wova ɖiɖi sigbe ɖe wole woƒe awutewui ɖeɖe ko me ene, ke evɔ. Eye, mlɔeba la, wova ɖo gboti ƒe aŋgba ɖeɖe dodo gbɔ.”

Page 10: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

10 NYA SI WOGBLƆ LA

Eye ne miele ŋku ɖe eŋu la, le ɤleti si va yi ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Life me la, nyɔnua ɖe li si do gboti ƒe aŋgba. Ke emae nye fiẽsi me wu yeye la, alo awu legbe, esi wodona le fiẽsi me; eme le ƒeƒle, woate ŋu akpɔ nu to eme, negbe gboti ƒe aŋgba la koe ɤla eƒe ŋutilã ƒe akpa suea ɖe; awu si ŋu abɔ, alo ka mele o, tsiléwu si meɖo abɔ o, esi ƒe dzime, ɖea ŋutilã fiana. Kple alesi nu mawo katã va emee!56 Eye megblɔ be, “Mekpɔ nyɔnua ɖe si tsitre le Amerika, sigbe fianyɔnu gãa ɖe ene alo nane. Eye edze tugbe nyakpɔkpɔ, gake ev�ɖi le dzi me. Eye ena dukɔ la ɖe afɔ, ɖe eƒe afɔɖeɖe nu.”57 Ale megblɔ be, “Mlɔeba, Egblɔ nam bena magatrɔ kpɔ ɣedzeƒe. Eye, esi metrɔ kpɔe la, mekpɔ, ewɔ abe, abe ɖee, xexeame wó gboo ene. Eye didiƒe alesi nu mate akpɔ la, naneke meli wu atitakpoewo sɔŋ, kple—kple agakpe tu adzudzɔ siwo do go tso anyigba me.” Ke ele be nusiawo nava eme hafi xexeame ƒe nuwuwu naɖo. Eye at� va eme xoxo le adrẽawo dome, le ƒe blaet� vɔ et� me. Míawoe esi, gaɖo nuwuɤi ake!58 Eye meƒo nu tsitre ɖe kɔmahatsɔŋkɔ ƒe nuɖoanyi ma ŋuti le ɤemaɤi ke. Eye megaxɔe se, le zã sia me be, enye tsiƒoɖido, enye teƒea ɖe si me ŋuny�nuwo yina. Nyemate ŋu axɔ se be Mawu axɔ nu ma de Eƒe Hamea me o, elabena ele be woadzii to Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me eye emegbe woalé tsi nɛ hafi ko woate ŋu ayɔe be Etɔ. Kristo ƒe Ŋutilã makpɔkpɔ lae, wonyr� mí ɖe Eme to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyr� dzi.59 �, tsido ƒe nuɖoanyi sia nye kpɔɖeŋu blibo na kɔmahatsɔŋkɔ vavã. Ele be nunyala nakpɔ eɖokui dzi, eye mayi ɖe eme kpɔ gbeɖe o, elabena Mawu ɖo kpe dzi to agbenɔɤiawo me be Yetsi tre ɖe eŋu eye mewɔ dɔ kplii kpɔ o. Hatsotso ɖesiaɖe…ɣesiaɤi si amea ɖe atsi tre kple gbedeasia ɖe, abe Luta, Wesley, kple bubuawo ene, kple Smith, kple Calvin, kple ame mawo; ne wodze ɖoɖowɔwɔ gɔme ko la, Mawu tsɔna nu la dana ɖe nuƒoteti dzi eye megasrãnɛ kpɔ kple ny�ny� gbeɖe o.60 Mikpɔ blemanyawo me ɖa. Meva me ɤea ɖeke ɤi kpɔ be Mawu tsɔ kɔmahatsɔŋkɔ, hewɔ ny�ny� to edzi o, mele afia ɖeke o. Ekema, blemanyawo kple Biblia siaa, ɖo kpe edzi be esia nye ŋuny� le Mawu ƒe ŋku me, eyata nyemeɖo nya ɖeke kplii o. Eye nusiatae metso ɖe eŋu ɖo. Mele agbagba dzem be mahe amewo do goe tso eme.61 Wokpe mí, be míakpɔ Israel abe kpɔɖeŋu ene, alesi wònɔ le Israel la, nenema ke wògale fifia hã. Woawo la, zi alesi wonɔ anyi kple Vudo ma la, wonɔ nyuie. Gake esi woa ŋutɔwo ɖe tsidowo, nuɖoanyi ametɔwɔwɔeawo la, ekema Mawu ɖe asi le wo ŋu enumake. Awɔe kple míawo hã nenema ke. “Wogblẽ Eyama, si nye Agbetsi Vudo la ɖi.” Eyae nye nutsotso si Mawu tsɔ ɖe wo ŋuti. “Be woawɔ nane si woate ŋu agblɔ be, ‘Mikpɔ nusi míewɔ la ɖa!’”

Page 11: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 11

62 Azɔ, le Mose ƒe—ƒe mɔzɔzɔ ŋɔli la; esime Mawu, to amenuveve me, na nyagblɔɖila wo la, na Dzolilikpo si ayi le wo ŋg� la wo, heɖo kpe Edzi kple dzesi kpakple nukunuwo. Amenuvevee na nusiawo katã wo. Israel gadi se la kokoko, hekpɔe. Wogbe amenuveve la, hexɔ se la ɖe eteƒe.

Nusia tututue amewo gawɔ egbe. Wogbe Nya la, hexɔ kɔmahatsɔŋkɔ ƒe nuɖoanyi ɖe eteƒe, elabena le esia me la woate ŋu awɔ nusi dim wole la faa ahayi kplii bɔbɔe. Gake màte ŋu awɔ esia le Kristo me o! Ele be nàkɔ eye nàdza hafi ava, eyako nàte ŋu anɔ Kristo me.63 Agblẽ agakpeme tsivudo ɖi, be woaxɔ nuɖoanyi ametɔwɔwɔea alo tsido ɖe eteƒea, ɖe miate ŋu abu eŋuti kpɔ be amea ɖe awɔ numa? Ðe miate ŋu abu susu si ƒomevi anɔ amea ɖe si no tsi fafɛ le agakpeme tsivudo me, eye wogblẽe ɖi yi ɖano tsi le tsido ametɔwɔwɔea si me yɔ kple akpɔkplɔwo, adoglowo, takpoɖoe-viwo kpakple nusianu keŋ mahã?

Meɖi amenuwɔwɔ ŋut� hã be woawɔ o, gake numa tututue amewo wɔ. Wogblẽ Nya la, Mawu ƒe dzɔƒe kple Ŋusẽ ƒe Tsivudo vavãtɔ la ɖi, be woano tsi le tsidowo me, eye woɖe tsidowo na woa ŋutɔ ɖokui. Alesi tututu wowɔ tsã la, eya ke wogawɔ fifia hã. Wogblɔ bena…

Egblɔ bena, “Nyee wogblẽ ɖi.” Egblɔe le Afisia, le Yeremya 2:14 me, alo 13, boŋue. Egblɔe be, “Wogblẽ Nye, si nye Tsi gbagbe Vudo la ɖi.”64 Azɔ, míekpɔ nusi tsido nye. Míekpɔ nusi wòléna. Míekpɔ alesi wowɔe. Enye nu ametɔwɔwɔea aɖe si tso xɔta ƒoɖi dzi va. Tsi si dzana la, kɔna ɖe xɔta ƒoɖi dzi, ke ɖeko wòklɔa xɔa tame, hekplɔanɛ to tsitrɔnu ametɔwɔwɔea me, va kɔna ɖe tsigo gã ametɔwɔwɔea me. Eye ŋuny�nuwo katã ƒoa ƒu ɖe afima, kple dɔ—dɔlékuiwo, kple adoglowo, kple akpɔkplɔwo, kple anyigbadzi nutatawo, abe emawo tɔgbe ene. Eye, mide dzesii be, lã makɔmakɔwo wonye; takpoɖoewo, si ƒãƒã ɖi. Takpɔɖoe mate ŋu anɔ agbe le tsi kɔkɔe me o. Ne egbe ɖe eŋu la, aku. Ele nɛ be wòanɔ tsi si ƒãƒã la me.65 Eye nenema ke wòle na aɖifuɖi-ŋɔ geɖeawo egbe. Miate ŋu anɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe tsi nyui me o. Susu sia tae wotsi tre ɖe Nya la ŋu nenema gbegbe ɖo, hegblɔ bena, “Etsi tre ɖe Eɖokui ŋuti. Tsɔɖuia ɖeke mele Eme o.” Le esi wònye be wokpɔ tsiʋe aɖe ƒomevi si ƒãƒã esi me woanɔ yiyim le xatsɛxatsɛ la tae. Ele eteƒe.

Nenema kee nye akpɔkplɔwo, kple adoglowo, kple akpɔkplɔ matsimatsiwo, kple nenem numa ƒomeviwo hã. Ele na wo be woakpɔ tsiba alo tsi si ƒãƒã, hafi ate ŋu anɔ agbe, elabena enye woƒe dzɔdzɔme bena woanɔ afima. Ke màte ŋu atrɔ lã o negbe ɖe ètrɔ eƒe dzɔdzɔme hafi ko.

Page 12: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

12 NYA SI WOGBLƆ LA

Eye mete ŋu le nana ge be ame nakpɔ Mawu ƒe Nya la o negbe ɖe eƒe dzɔdzɔme trɔ hafi ko; eye ne eƒe dzɔdzɔme trɔ tso nusi wònye tsã la me, hezu Mawu ƒe vi la, ekema Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gena ɖe eme. Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae ŋl� Mawu ƒe Nya la!66 Egbe menɔ dze ɖom kple x�nye nyuie, Dɔkta Lee Vayle, amesi le afisia fifia. Ke enye mawuŋunusr�la blibo, eye esiata mía kplii míe—míeɖoa dze nyuie kuɖe Ŋɔŋl�a ŋuti enuenu. Tagbɔ ɖa nɛ ŋutɔ. Ke ebiam gbeɖeka bena nuka mesusuna be enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzinu gbãtɔ mahã, “Nu ƒoƒo kple aɖeyeyewo yea?” Anɔ ƒe geɖewo fifia. Megblɔ bena, “Kpao; nyemekpɔe nenema o.” Egblɔ bena, “Nenema kee nye nye hã,” ebe, “togbɔ be wofiam nenema hã.” Egblɔ bena, “Nuka nèsusu be ate ŋu anye kpeɖodzinu mahã?”.67 Megblɔ bena, “kpeɖodzinu nyuitɔ kekeake si mate ŋu akpɔ lae nye l�l�.” Eye ale míeyi dzeɖoɖo la dzi. Eye ale mebui be edze tó ŋutɔ eyata melé ɖe esia ŋuti, “Ne l�l� le amea ɖe me ko.” Gake gbeɖeka la Aƒetɔ, le ŋutega aɖe me la, va ɖɔm ɖo. Eye Wògblɔ be, bena, “Gbɔgbɔ la ƒe kpeɖodzinue nye amesiwo ate ŋu axɔ Nya la,” menye l�l� loo, nuƒoƒo kple aɖeyeye ye o, ke boŋ Nya la xɔxɔ ye.68 Eye Dɔkta Vayle nɔ gbɔgblɔm nam, bena, “Esia le Ŋɔŋlɔa nu,” egblɔ bena, “elabena, le Yohanes 14 me la, Yesu gblɔ bena, ‘Ne Eya Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va miadzi la, Aɖe nusiawo afia mi, esi megblɔ na mi la, eye wòafia nusiwo ava me la mi.’” Ekema, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzinu vavãtɔ li! Megblɔ nyaa ɖeke nam kpɔ haɖe si mele eteƒe o. Ebe, “Esiae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzinu, eyae nye amesi ate ŋu axɔ Nya la dzi ase.” Àte ŋu axɔ Esia. Elabena, Yesu megblɔ kpɔ bena, “Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va la, miaƒo nu kple aɖeyeyewo o.” Megblɔ kpɔ bena, ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe va la, miawɔ nusiawo ƒe ɖeke o. Ke boŋ Egblɔ bena, “Aɖe tso Tɔnye me eye wòafia mi, eye Wòagblɔ nusiwo ava va me la fia mi.” Ekema Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi vavãtɔ lae nye ma, le Yesu Ŋutɔ ƒe nya nu.69 Ekema seselelãme siawo katã si le amewo si evɔ woganɔa agbe ma ke dzi la, miate ŋu akpɔ nusita wowɔnɛ ɖo. Mikpɔea, etrɔ zu kɔmahatsɔŋkɔ, alo tsiʋe si ƒãƒã, eye kɔmahatsɔŋkɔa ɖeke meli si wotsɔ nya ma…Mawu ƒe Nya blibo la wɔe o. Mate ŋu awɔe o, elabena màte ŋu atsɔ ŋkɔ na Mawu alo awɔe kɔmahatsɔŋkɔe o. O, amegã!70 Nusitae la enye esi, mitsɔ ameha aɖe si ate ŋu axɔ Nya la dzi ase, ne miana wòadze ɖoɖowɔwɔ gɔme. Hafi mianya la,

Page 13: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 13

le ƒe ɖeka megbe ko la Rikiwo ƒe ha aɖe anɔ eme le afima si miate ŋu awɔ naneke kplii o. Woaxɔe ɖe asi blibo, eye miate ŋu awɔ naneke le eŋu o. Menye Mawu ƒe nuɖoanyi wònye o. Menyee o, eyata míenya bena numa ya mele me kura o. Etrɔ zu tsido, eye ezu teƒe aɖe si ame ɖesiaɖe ŋea aɖaba ƒu nyateƒe la dzi le nusi, numa, alo nu kemɛ me, bene yeakpɔ hameviwo sɔgbɔ le afima, alo bene yeana amewo nage ɖe eme.71 Míekpɔ bena, nuɖoanyi sia dze egɔme kpɔ, le Israel-viwo ƒe ŋkekewo me, esime wonɔ tsido siawo ɖem. Eye ŋutsua ɖe nɔ anyi, eye Farisitɔwo ƒe hatsotso aɖe ɖe tsidowo. Eye ŋutsua ɖe nɔ wo dome esi ŋkɔe nye Herodes, eye amesia nye sedela, dukɔa ƒe dziɖula. Eye wòva be yeaɖo to ŋutsu si mekpɔ asi ɖe woƒe kɔmahatsɔŋkɔwo ŋuti o. Enye nyagblɔɖila. Eye nyagblɔɖilaa ɖeke mede ha kple kɔmahatsɔŋkɔ kpɔ o, ke boŋ elea fui. Nyagblɔɖila sia de asi gbɔgblɔ me bena, “Miganɔ gbɔgblɔm le miaƒe dzi me be, ‘Mia fofo nye Abraham o,’ elabena mele egblɔm na mi bena Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me na Abraham.”72 Eye wokplɔ bubumea ɖe vɛ be wòaɖo toe. Ke bubume sia xɔ nɔvia ŋutsu ƒe sr�, le esi, heɖee. Ke nuka ŋutsu ma zɔ yi eƒe ŋkume hegblɔ? Wobu be aŋe aɖaba ƒu nyatefea dzi, agblɔ be, “Azɔ, amegã, wò la, va nɔ zikpui bɔbɔe me le afii. Eye ele na wò be…enye dzidzɔ gãa ɖe nam be èva afisia be yeaɖo tom egbe sia.” Ðeko Yohanes zɔ ɖe dzi tẽ va do ɖe eƒe ŋkume, hegblɔ be, “Medze se be naɖee o.” Esi wònya ke nu kola, ena wòwó avi ɖe eƒe nuv� ta.73 Mikpɔea, kɔmahatsɔŋkɔwo ɖe tsiʋe siwo ƒãƒã ɖi teƒe si ŋutsu ate adze ahiã kple nyɔnu le faa, eye nemem nyɔnuwo hã anɔ agbeɖuɖu dzi, alu woƒe taɖa, eye woado atakpui kple nusianu keŋ, evɔ ahayɔ wo ɖokui be Kristotɔwo. Gake Mawu ƒe ŋusẽ, aleluya, ƒe Tsivudo gbagbe, mate ŋu anɔ afima o, elabena edana tsi. “Nyee nye Agbetsi Vudo la. Wogblẽ Nye ya ɖi, heɖe tsidowo na woawo ŋutɔ ɖokui.”74 Azɔ, agbetsi vudo la, míekpɔe, nukae nye agbeti vudo? Míekpɔ nusi enye tsido, ke azɔ nukae nye agbetsi vudo? Eyae nye agakpeme tsivudo. “Agakpeme tsivudo la, nuka wònye, Nɔviŋutsu Branham?” Eyae nye vudo aɖe si dona tso keke to me ke hedaa tsi ɤesiaɤi. Enɔa sisim ɤesiaɤi. Esu te le eɖokui si. Eme tsi nyo hekɔ ɤesiaɤi, agakpeme tsivudo, agbetsi vudo. Menye nukuku si ƒãƒã ɖi o. Agbe le eme, enɔ liɖɔɖɔ dzi ɖaa, hehea nu yeye ɖe go ɤesiaɤi, ele du dzi, edona tso eƒe dzɔƒe. Ekpɔ eƒe dzɔƒe le—le eƒe tu me, si enye…eganye agbetsi vudo si le tsi wum kokoko. Eklɔna eɖokui me; eme kɔna, eme dzaana, tsi kɔkɔe

Page 14: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

14 NYA SI WOGBLƆ LA

wònye. Eya ŋutɔ su te; mehiã be nàlala be tsi nadza ayɔ eƒe nugo la me o. Ele adã dzi ɤesiaɤi, hetsɔa eƒe tsi nana faa ko. Mehiã be nàgbɔe o, àtroe o, aʋuʋui o, alo age ɖe eme o. Agbetsi vudo ko wònye ɖaa.75 Minyae, ne ètsɔ tsido xoxo siawo la, ele nà wò be nàtroe agatroe agatroe ke eye nàgbɔe kple etɔwo keŋ, hafi akpɔ tsi ƒãƒã ma ƒe via ɖe. Huh! Gake Agbetsi Vudo ya nana Eƒe tsi la, faa, mehiã be woagbɔe o, aɖo eme, awɔ nu bubua ɖeke o. Oo, dzidzɔm ɖe Vudo ma ŋuti! �, amegã!76 Mehiã tsitsiɔnu ɖe Eŋu o, be wòatsiɔ aɖifuɖi-ŋɔwo ɖa le eme o. Elabena, Edo tso to me ke, le Agakpe me ɖaa ke, afisi ŋɔa ɖeke mate ŋu anɔ o. Mehiã be wòado sukudede ƒe ɖo vuvu Nɛ o, esia le eteƒe, nuɖoanyi xexeame-tɔwɔwɔea aɖe si woɖe tso kɔmahatsɔŋkɔ ametɔwɔwɔea ƒe nunya me; be wòagblɔe afia wò, le susume dɔyɔla ƒe ŋku me, ne esu te agblɔ mawunya loo alo mesu te o. Womesa ɖo vuvu ny�ŋua ɖeke ɖe Eŋu o. Aɖee ɖa kaba ziɖeka ne ènya tsɔe de Eŋu ko. Màte ŋu awɔe o. Vudo ma le fiefiem, ɤeawo katã ɤi. Ne etsɔ ɖo vuvu mawo ƒe ɖe ɖo eŋu la, aɖee ƒu gbe enumake ɖe go si dzi alo go bubu dzi. Mekpɔ asi ɖe kɔmahatsɔŋkɔ ƒe ɖo vuvu ma ŋuti o.77 Mehiã asɔe o, tsitsiɔnu o, egbɔgbɔ o, ati hehe nɛ o, mehiã nu bubua ɖeke o. Afima ko wòle, hele fiefiem. Mehiã tsidzadza be wòayɔ o. Tsidzadzawo nye “ny�ny�wo,” afisi Vudo ma…Emae nye ne ele Agbe Vudo la gbɔ. “Afisi nukuku le la, afimae h�wo ƒoaƒu ɖo.” Mele be miagbɔ ny�ny� o; mele na mi be miagbɔ naneke o. Nusi ko miawɔ lae nye be miava Vudo la gbɔ. Nu nyui geɖe yɔe fũ, tsi nyuie, eye nuwuwu meli Nɛ o. Ðeko wòle fiefie dzi ɖaa.78 Mele be nàyi tsido gbɔ, agblɔ be, “Enyo, ne tsi dza heklɔ làkpoa tame la, ekema míakpɔ tsi via ɖe ano o.” Mikpɔea? Miatɔwo, miatɔwo! Menye nenema o. Agakpeme tsivudo ma le tsi nyui, fafɛ dzim ɤesiaɤi. Àte ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu. Mele be nàgblɔ be, “Enyo, Matrɔ yi ɖe tsido xoxo la gbɔ o. Eme tsie míenona tsã, gake edidi tsi megadza kpɔ o. Magblɔe na wò, ɖewohĩ eme ƒu keŋ.”79 Nenemae nuɖoanyi ametɔwɔwɔea ɖewo le. Àte ŋu age ɖe eme, ne nu gãa ɖe le dzi yim na wò nyuie la, habɔbɔ aɖe si le nane dzram loo, alo—alo nane ƒomevi si le edzi yim nyuie, ɤeɖuƒe gãa ɖe si le edzi yim nyuie loo, alo aɖi dada, alo hadome dzefeƒewo kple nuwo keŋ, àte ŋu akpɔe aƒe blibo ɖeka nayɔ. Gake ne eɖo teƒe si Vudo ma le fiefiem le la, ɤesiaɤi la, akpɔ amewo le afima siwo le tsi nyui, fafɛ nom. Àte ŋu aɖo ŋu ɖe Eŋu! Miegblɔna be, “Ƒe ewo nye esi womegakpɔ ny�ny� aɖeke kpɔ o.” Ne ele agbe le Vudo ma gbɔ la, Eƒe ny�ny� anɔ edzi yim ɖaa ɤesiaɤi.

Page 15: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 15

80 Abe alesi Welshtɔ suea ɖe gblɔ kpɔ ene. Alo, gbeɖeka esi Welsh ƒe ny�ny� nɔ edzi yim la, bubume aɖewo tso Amerika va. Nemem Dɔkta Mawuŋutinusr�lawo ƒe ɖewoe yi ɖe Wales, be woanya afisi ke kple nusi koŋ ƒe nya gblɔm wole la. Eyata wodo awu hef� woƒe kɔla ɖe te, kple aga-ɖekɛ kukuwo, hele mɔ dzi va yina. Eye kpovitɔ suea ɖe zɔ va, hele eƒe kpotivi la trom le asibidɛ nu, hele aku lam, “Le Atitsoga ŋu afisi nye Ðela ku ɖo, afi ma la mefa avi ɖe nye ŋutikɔklɔ ta; afima wohlẽ Ʋu ɖe nye dzi ŋu, bubu na Eƒe Ŋkɔ,” hele yiyim le mɔa dzi. Ale wogblɔ bena, “Amesia ɖi mawusubɔla aɖe. Miayi aɖabie se.” Eye wogblɔ nɛ be, “Ametsitsia!” Ebe, “Agoe, amegã?” Egblɔ be, “Amerikae mietso va afisia. Mienye amedɔdɔwo. Mieva afisia be miaku nu me tso Welsh ƒe ny�ny�, si woyɔna la ŋuti. Mienye Dɔkta Mawuŋutinusr�lawo, ke mieva afisia be míalé ŋku ɖe eŋu.” Egblɔ bena, “Míedi be míanya afisi ny�ny� la le, kple afisi wole ewɔm le.” Egblɔ bena, “Amegã, mieva ɖo vɔ. Nyee nye Welsh ƒe ny�ny� la.” Amen! “Welsh ƒe ny�ny� la le menye. Afisiae wòle.”81 Nenemae wonɔna ne èle agbe le Agbetsi Vudo la gbɔ. Ele agbe ɤesiaɤi, hele fiefem ɖaa ɖaa, ɖaa ɖaa. Nuwuwu meli Nɛ o. Menye be, “Heyi ɖakpɔ ɖa ɖe be tsi via ɖe, be ɖe tsi dza le miagbɔ medidi o mahã,” mele nenema o. Agbetsi Vudo ma wònye. Abe alesi megblɔe ene la, Enana Eƒe Tsi la faa ko.82 Mele be natsɔ ɖo vuvu ɖo Eŋu o, be wòadzro eme kpɔ; sukudede ƒe ɖo vuvu aɖe o, hafi adɔe ɖa be wòayi ɖagblɔ mawunya, ne woakpɔ be ɖe wòyɔa nyagbewo nyuie mahã, ɖe wòƒoa nu nyuie mahã, ɖe wowɔa ŋkɔ kple ŋkɔteƒenɔnyawo, kple nu susɔeawo, kpakple ŋkɔɖɔnyawo ŋudɔ ɖe eteƒe mahã. Wo dome ame geɖewo menya nukae nye numawo ŋutɔ g� hã o, gake woawo hã wole Vudo la gbɔ ɖekae, mikpɔea, ɖekae.83 Mekuna ɖe tsi si adza le nutoa me ŋuti, hafi ayɔ o, alo ɖe nutoa me ƒe ny�ny� ŋuti, na esia o. Mele nɛ be wòawɔ esia o, elabena eƒe ŋusẽ kple eƒe dzadzɛnyenye la tso eya ŋutɔ me. Afimae Nya la nɔna, Esi nye Eya ŋutɔ ƒe Ŋusẽ! Ne ame ate ŋu axɔ Esia ɖe eƒe dzi me kola, dzadzenyenye le Eya Ŋutɔ me. Eya ŋutɔ ƒe Ŋusẽ hã le Eme. Eya ŋutɔ le Nya la me tututu, hele Agbe tum ɖo ɖa.84 Ne Israel gblẽ Esia ɖi dzo kola, egea ɖe kuxi me. ɣesiaɤi si wote ɖa le Eŋu la, wogea ɖe kuxi me. Ele abe alesi miawo hã miele wɔwɔm fifia. Ne ny�ny� dzo le Esia gbɔ kola, ke meganyo o. Eya ŋutɔ aɖe vudɔwo, eye, alo tsido aɖewo si ƒãƒã, ke eyae nye ma yina ɖaa.

Page 16: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

16 NYA SI WOGBLƆ LA

85 Gake Ekpea ɖe wo ŋu ɤesiaɤi. Woli liʋĩliʋĩ le Ƒudzĩe la nu, eye esi woli liʋĩliʋĩ la…Gake, le nu siawo katã me hã, Egado ŋugbe, hena ŋugbedodo wo. Ðe wòle be wòagbugbɔ wo ɖe megbe le afima enumake hafi, le míaƒe nukpɔkpɔ nu; gake Edo ŋugbe be yeakplɔ wo de afima.

Nukae Wòwɔ? Na Israel-vi mawo, Ena wo Dzolilikpo kple nusianu, kple nyagblɔɖila, abe kpeɖodzi ene. Eye wokplɔ wo yi ƒu la nu. Eye, ɤesiaɤi la, kuxi vana hetsia tre ɖe Eŋu. Eye Farao kple eƒe aʋakɔwo hã ekem gbɔna. Ke mienya nusi Mawu wɔa? Ðeko woʋu mɔ ɖe tsido dzĩ, ƒãƒã ma me.

Atsiaƒu Kuku lae nye nukuku kekeake si le xexeame. Eku vavã. Eƒãƒã. Naneke mate ŋu anɔ agbe le eme o.

Ke Eɖe mɔ ɖe eme hena vovo wo, le go kemɛ dzi. Ekplɔ wo yi ɖe teƒe si womabla wo le kple nu ƒomevi mawo o.86 Le gbeadzi la, wokpɔ bena mele be woaɖo dzi ɖe nugo gã ŋu o; wo me ƒu keŋkeŋ. Miakpɔe be, wotso le tsi ƒe ʋe ɖeka gbɔ yi ɖe bubu gbɔ. Esime wònɔ gbeadzi la, tsi si woano la hiã wo, kutɔkutɔe. Eye ne woyi ɖe nugo, alo ta si le teƒe sia gbɔ la; eme ƒuna keŋkeŋ. Wogayina ɖe teƒe bubu; eme aƒu keŋ. Womate ŋu abui kpɔ be yewoagakpɔ tsi ano gbeɖe o.

Kasia le teƒea ɖe si dzi womeka ɖo o le gbea katã dzi la, woke ɖe tsi ŋu. Ele agakpe me. Ele agakpe me. Teƒe si dzi ame maka ɖo be yeakpɔ tsia ɖeke le o la, eyae nye agakpe ƒuƒu me le gbeadzi titina. Gake, mikpɔa, Mawu wɔa nanewo nenema, le teƒe si dzi womaka ɖo o la, le mɔ si mema ame o la dzi. Eya ko míekpɔna ɖaa.87 Wobu be ehiã be woaƒo kɔmahatsɔŋkɔ gãwo nu ƒu, ɖe du, eye wowɔe be wo katã nakpe ta ɖe du eye ameha gãa ɖe naƒo zi, kple nuwo keŋ, eye ame akpe nanewo nade asi dɔa me, eye nuwo katã nanɔ alea, hafi ko ny�ny� nava.

ɣea ɖewo ɤi la Mawu atsɔ ŋutsu sue aɖe si menya eƒe ABÐ g� hã o, le ame manyagbalẽwo ƒe hatsotsoa ɖe me amesiwo menya woƒe nuɖusi tso mia gbɔ teti hã o, eye Wòahe ny�ny� vɛ si aʋuʋu xexeame katã. Ewɔe le Yohanes ƒe ɤeyiɤi me. Ewɔe le nyagblɔɖilawo ƒe ɤeyiɤi me. Wo dome amea ɖeke, menya agbalẽ o, abe alesi míenyae ene, gake Mawu ƒe asi te ŋu ka wo hetsɔ wo wɔ dɔe.88 Agakpe sia mee tsi do go le. Eyae nye Agakpe la. Eye Eya kee de se na Agakpe sia, eye edze be woaƒoe. Ke Ena tsi nyui, fafɛ, kɔkɔe amesiame si di be yeanoe la le agbosɔsɔ me. Eɖe amesiwo katã l� heno nu le Eme la. Nusi sɔ pɛpɛpɛ kple Yohanes 3:16.

…Ale gbegbe Mawu l�a xexeame, bena wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena,…amesiame si xɔ eya dzi sena la, mele tsɔtsr� ge o, ke boŋ ele be wòakpɔ agbe mavɔ,

Page 17: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 17

89 Mawu ƒo Agakpe ma, le Kalvari. Míaƒe ʋɔnudɔdr� la va Edzi, bena Agbegbɔgbɔ nava tso Eyama me si ana Agbemavɔ nye kpakpli wò. Esia nye lododo si sɔ pɛ kple Ema, si le gbedzi.90 Mehiã be woahe ka, aɖe do, agbɔ tsi, alo awɔ naneke o; ɖeko woakpɔ gɔme le mɔ si Wòta ɖi la me, faa ko. Esi, mele be woakui le ta aɖeke me o. Mele be woadui kple tɔkpo o. Mele be woahe ka hafi akui o. Ðeko wòle be woakpɔ gome le eme. Eye nusi katã hiã koe ma azɔ. Mele be miaɖo naneke me o. Mele be miayi vɔsamlekpui gbɔ be miakpa naneke awɔ o, anɔ egbɔm o. Mele be mianɔ nya ɖeka gbɔgblɔ dzi ɖe edzi ɖe edzi, ʋuu miaƒe gbe natɔtɔ o. Nu ɖeka h� si dze be miawɔ lae nye be miakpɔ gome le Eme, faa ko, le mɔ si Mawu ta la dzi. Tsi la gbɔgbɔ meli o, etutu ɖa meli o, ɖeke wɔwɔ meli o; Enono koe hiã, faa ko. Naneke meli si miawɔ o; ɖeko miakpɔ gome le Eme. Eyae nye be, miaxɔ Edzi ase ko. Esia katã ko mate ŋu agblɔ le eŋu. Womewɔ naneke nɛ kpɔ gbeɖe o. Womeɖe do nɛ kpɔ gbeɖe o. Womedze klo hedo ɤli zã blibo, le esiata kpɔ o. Ðeko wokpɔ gome le eme; woƒoe eye wòsɔ gbe. Esia le eteƒe.91 Mele ŋutsua ɖe kpɔm ɖaa, si nɔ anyi ɖe megbe le xɔa me afii. Meɖo ŋku dzi be megblɔ nusia nɛ, le lãkpo xoxoa ɖe me gbeɖeka, le nuɖuɖakaa ɖe gbɔ. Eye wògblɔ bena, “Evɔ nyemenyo na naneke o.”92 Megblɔ nɛ bena, “Menya bena menyo o.” Eye megblɔ be, “Nye ŋutɔ hã, nyemenyo o.” Gake megblɔ be, “Nusi nènye la dzi ko kpɔm wòa nèle. Ke dzudzɔ nusi nènye la dzi kpɔkpɔ, eye nàkpɔ nusi Eyama nye la.” Egblɔ bena, “Ne ɖe mateŋu aɖe asi le siga yɔyɔ sia ŋuti koa, Nɔviŋutsu Branham, ma—ma—mazu Kristotɔ.”93 Megblɔ bena, “Megaɖe asi le eŋu o. Èle agbagba dzem be yeazu ame nyui hafi ava Egbɔ. Meva be yeaɖe ame nyuiwo gbeɖe kpɔ o; Eva be yeaɖe ame v�ɖi siwo nya be yewo v�ɖi la.” Egblɔ be, “Enyo…” Megblɔ be, “Ðo tom, mèdi be yeayi dzomavɔʋẽ me o ɖe, alo oa?” Egblɔ be, “Gbeɖe.”94 Megblɔ be, “Enyo, medze be nàyi hã o. Eku be magayi o.” Egblɔ be, “Nukae wòle be mawɔ?” Megblɔ be, “Naneke o. Ðeko wòle bɔbɔe ko.” Egblɔ be, “Ke ne ɖe mate ŋui ko…”95 Megblɔ be, “Afima la, ke ɖee nye ma nègatrɔ yi ɖe siga la gbɔ. Dzudzɔ tamebubu kuɖe siga ma ŋuti. Ðo ŋku dzi ko, Bu tame le Eŋuti, nusi Eya wɔ, nusi Wònye la; menye nusi wòa nènye o. Mènyo na naneke o; eye mènyo kpɔ hã o, eye mele nyonyo ge gbeɖe hã o. Gake, nusi Eyama nye, Eyama Ye!” Eye

Page 18: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

18 NYA SI WOGBLƆ LA

megblɔ be, “Azɔ, nu ɖeka h� si wòle be nàwɔ lae nye be; ne Exɔ teƒe wò le afima la, ke ɖeko nàl� axɔ nusi Wòwɔ la faa ko. Nu ɖeka si nàwɔ la koe nye be nàl� axɔe.”

“Nukaŋutie,” egblɔ be, “nusia le bɔbɔe. Mawɔe.”96 Megblɔ be, “Tɔsisi enye esi.” Mikpɔea? Mekplɔe yi ɖe afima henyr�e le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me.

Etɔa ɖewo le afisia, eye me—menya be meɖi kokoe na wo esi mewɔ numa, gake menya nusi wònye mewɔ. Mekpɔ nane le ŋutsu ma me si nye nu vavã. Mate ŋu akpɔe le afima, eyata mekplɔe yi henyr�e le Aƒetɔ Yesu ƒe Ŋkɔ me.

Eye, esi míewɔ nusia la, eteƒe medidi hafi wodɔm ɖe via ŋutsuvi ƒe me o. Míekpɔ a—atia ɖe le ŋutega me si ŋẽ le teƒea ɖe, eye ŋutsu la ge, esusɔ vie eƒe dzime naŋe. Wòkplɔe yi ɖe dɔyɔƒe. Eye le zã ma ke me la, Aƒetɔ la ɖee fiam be, emae nye eƒe siga yɔyɔ la ƒe nuwuwu.

Ale esi ŋu ke la, ebia siga aɖewo. Megblɔ be, “Maƒle go ɖeka vɛ nɛ. Mitɔ te ko miakpɔ, eƒe siga yɔyɔ ŋkekeawo wu nu.” Megayɔ ɖeke kpɔ tso ema dzi o, eye megadzroe hã kpɔ vaseɖe fifia o. Mawu!97 Mikpɔea, nu gbat� si dze be miawɔ lae nye be miava Tɔsisi ma gbɔ. Ele na mi be miava Tsi ma gbɔ, ade dzesii be menye naneke si yeawɔ lae o. Nusi Wòwɔ na wò la boŋue. Mele be nàɖe do o; mele be nàgbɔ tsi o; mele na wò be nàɖe asi le nusia ŋuti; aɖe asi le numa ŋuti o. Ke nu ɖeka si wòle be nàwɔ lae nye be nàyi egbɔ eye nànoe. Evɔ. Ne tsikɔ le wuwòm la: no tsi!98 Azɔ, Eyae nye Agakpe la. Mawu ƒo Eyama ɖe mía ta, eye Wòna tsi nyui, kɔkɔe mí le agbɔsɔsɔ me. Egale ewɔm, egbe sia hã, na amesiame si axɔe se. Esiae nye Eƒe amenuveve, godoo, na mi, Eƒe dukɔ la.99 Nane ƒomevi le afima abe, le abe egbe mewo ene, wole klalo be woaxɔ nusianu si woate ŋu axɔ ko, gake womedina be yewoawɔ subɔsubɔdɔa ɖeke ɖe eta o. Israel nɔ gbesɔsɔ na—na tsi nono le agakpe me, gake womedi be yewoatsɔ subɔsubɔ si dze na Mawu la Nɛ o.100 Ke Eyama wɔa subɔsubɔdɔ na mi ɤesiaɤi. Mienyae, míate ŋu agbɔ ya ŋutɔ hã Eya manɔmee o. Míate ŋu agbɔ ya ne Mawu mewɔ eƒe subɔsubɔdɔ o. Ale gbegbee míeku ɖe Eŋu esi. Evɔ, gake la, etina mí ʋuu mieyina ŋeŋe ge ɖe eve ne míedi be míawɔ subɔsubɔdɔ aɖe, alo wòle be míawɔ nane Nɛ ko la. Ebia tso mía si be míawɔ nane, heyi ɖakpɔ amea ɖe ɖa, heyi ɖado gbe ɖa ɖe amea ɖe ta, heyi ɖakpe ɖe amea ɖe ŋuti, esia wɔwɔ la, gbaa mí petepete kloe. Ke míawo míedina be míawɔ naneke Nɛ si anye subɔsubɔdɔ o.

Page 19: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 19

101 Eƒe nutsotso la enye be, “Wogblẽ Nye, si nye Nya la ɖi; eye wol� xɔ tsido siwo gɔme ŋɔ, ɖe eteƒe. Wol� xɔ…Wògblẽ Nye, Agbe Vudo, Agbetsi Vudo la ɖi; eye edzro wo be, alo eye wono nu tso tsido si ƒãƒã la me.” Miate ŋu abu nusia ŋuti kpɔa?102 Ðe miate ŋu abu amea ɖe ŋuti kpɔ fifia, bena, le afii la agakpeme tsivudoa ɖe li si le tsi nyuie dzim, akalokpe ƒe tsi vivi, si do go tso agakpe ƒe tu me tẽ, le gu me afima le kewɔeawo me ɖaa, kple nuwo keŋ, esi fa hevivi alesi ko wòate ŋui la; eye le esia teƒe la wòano tsi le tsidoa ɖe me le afima, esi kplɔ nu to lãkpo, kple agbafloe, kple xɔ siwo katã le xexe ƒoxlã teƒea la ƒe tame mahã? Eye wova ƒo ɖe tsido ma me le afima, afisi tsi ƒe nukpɔkplɔ lɔa nusianu ɖe nu kɔna ɖe eme, si tso lãkpo, sɔkpo, kple nyikpo, kple nu ɖesiaɖe gbɔ, hekplɔ nu yi ɖe tsido ma me, evɔ la míedina be míax-…míano nu le numa me gbã hafi ayi ɖe agakpeme tsivudo ma gbɔ maha? Anye be nane gblẽ le tagbɔ na nenem me ma. Esia le eteƒe.103 Eye ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe yi kɔmahatsɔŋkɔa ɖe ƒe akpa dzi, esi ɖe mɔ be woalu taɖa, be woado atakpui, kple ŋkumetsumi, kpakple nu bubu siawo tɔgbe, hekpe ɖe nane ƒomevi si—si nye ɖoɖo suea ɖe ŋu, kple nenem nuwo katã hoo, eye woate ŋu ayi gakpobɔlu daƒe, kple—kple bometsinu mawo katã le afima gbɔ, eye woate ŋu atrɔ ɖe eŋu faa; eye woal� esia wu Mawu ƒe Nya tsigãdzitɔa si lãa nu hekpaa nu, hetrɔa nyɔnuwo zuna aƒenɔwo, eye wotsɔa wo hewɔa wo be woado awu nyuie eye woawɔ nu nyuie la, eɖea siga kple atama yɔyɔ, kple nutàtà kple fiƒodeame, kple alakpadada kple fififiwo ɖa, le ame me, kple xexeame katã ɖa le ame me, eye wòatsɔ Nane ana wò si ana dzidzeme blibo. Nukata ŋutsu alo nyɔnu ayi ɖe numawo ƒomevi gbɔ be yeadi akɔfafa mahã? Aleke woate ŋu akpɔ akɔfafa le numawo mee?104 Aleke nàte ŋu akpɔ tsi nyui ano le tsido si ƒãƒã me mahã? Nukaŋuti ame…Ne ame yi ɖe tsido si ƒãƒã gbɔ be yeano tsi, evɔ agakpeme tsivudo le ʋuʋu ɖi nɛ la, miagblɔ be, “Nane gblẽ le ame ma ƒe susu me.” Eye ne nyɔnua ɖe alo ŋutsua ɖe yi ɖe teƒe ma tɔgbe be yeakpɔ akɔfafa la, nane mele edzi yim nyuie le gbɔgbɔme kuɖe amea ŋuti o. Womele Nya la dim o. Esia fia bena woƒe dzɔdzɔme ganye akpɔkplɔ tɔ, alo takpoɖoe, alo nane tɔ kokoko, esia le eteƒe, nane si si dzɔdzɔme ma le si l�na tsiʋe si ƒãƒã la, elabena nu mawo ƒomevi menɔna Tsiʋe kɔkɔe me o. Womate ŋui o; Tsi nyui wònye. Womate ŋui o.105 Azɔ, nutsotso lae nye be, “Wogblẽ Esia ɖi.” Eye egbe hã wogawɔ nusia ke. Azɔ mikpɔ nyɔnu si nɔ vudoa to la ɖa. Enyo, eva Yakob ƒe tsido la to, eye edua tsi le afima ɤesiaɤi, le Yakob ƒe tsido ma to. Ke Yakob ƒe tsido sia la, kɔmahatsɔŋkɔ, ye míayɔ nɛ, elabe et� sɔŋ wòɖe; eye esia hã la eyae ɖee. Azɔ, eƒe ŋutinya kpe

Page 20: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

20 NYA SI WOGBLƆ LA

ŋutɔ. Egblɔ be, “Azɔ, mía fofo Yakob, yeɖe vudo sia. Eno tsi le eme, eye eƒe nyihawo hã no tsi le eme, kple nusianu. Ðe nusia menyo ŋutɔ oa?”106 Egblɔ be, “Ke tsi si nadu le afima la, tsikɔ agawu wò ke, ele be nàgava afima aɖakui. Gake,” egblɔ be, “Tsi si Mana wò la azu Tsivudo, Tómetsi si aŋɔ tso agu me ke, eye màgava du Tsi le afisia azɔ o. Ele gbɔ wò.”107 Mide dzesi esia. Gake esi wòkpɔ bena Tsivudo si tso Ŋɔŋl�a me lae ƒo nu na ye, to dzesi si le Ŋɔŋl�a me dzi esi ƒe mɔ kpɔm yele la, edzo le Yakob ƒe kɔmahatsɔŋkɔ ƒe nuɖoanyi ma gbɔ eye megatrɔ yi ɖe egbɔ gbeɖe o, elabena ekpɔ Agakpe vavã la. Mikpɔea? Eƒu du yi dua me. Edo go le nuv� me. Meganye nyɔnu makɔmakɔ o. Egblɔ bena, “Miva kpɔ, Amesi si mekpɔ la ɖa, Ŋutsu Si gblɔ nusiwo katã mewɔ la nam. Ðe menye Kristo la ŋutɔe nye Amesia oa?” Eya…Tsido ma ate ŋu anyo; eye ewɔ etɔ sinua. Azɔ eva Tsivudo vavãtɔ la gbɔ. Tsido ma nyo vaseɖe esime woʋu Vudo vavãtɔ la ɖi. Gake esime Vudo vavãtɔ la va ɖo ko la, tsido la bu eƒe ŋusẽ. Ekpɔ be teƒe nyuitɔ wu li si woano tsi le.108 Eye teƒe nyuitɔa ɖe li. Teƒe nyuitɔ wu li, eye esiae nye Kristo me. Le Yohanes Kɔkɔe 7:37 kple 38 me la, Yesu gblɔ, le agbadɔ ŋkekenyuie ƒe ŋkeke mlɔetɔa dzi bena, “Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva Gbɔnye, eye wòano tsi.” Wo katã wokpɔ dzidzɔ. Tsidanu suea ɖe nɔ wo si esi sina tso vɔsamlekpui la te, eye—eye afimae wo katã wonoa nu le, le ŋkekenyui, ƒe—ƒe azãɖuƒe. Eye wogblɔ bena, “Mía fofowo no tso gbɔgbɔme kpe gbadza si nɔ gbedzi la me.” Mikpɔea, woɖe tsido na woawo ŋutɔ ɖokui, tsi si ƒãƒã si wogbɔ tso afiaɖe, eye wole tsi dam le gbedoxɔa te le afima. Eye wo katã va ƒoa ƒu ɖe eŋu henonɛ, gblɔna bena, “Ƒe geɖewo va yi la, mía fofowo noe le gbedzi.” Yesu gblɔ bena, “Nyee nye Kpe gbadza ma si nɔ gbea dzi.” Wogblɔ be, “Míeɖu mana tso Dziƒo, eye Mawue dzae ɖe anyi.”109 Egblɔ be, “Nyee nye Mana ma.” Eyama, Tsivudo ma, nɔ tsitre ɖe wo dome. Agbebolo ma nɔ tsitre ɖe wo dome. Ke hã la womele Edim o. Wol� woƒe tsidowo boŋ tsɔwu; elabena, amee wɔ esia, ke Mawue dɔ Ema ya ɖa. Numae tututue nye vovototo la. Woɖe tsido na woawo ŋutɔ ɖokui!110 Egblɔ bena, “Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, eya neva Gbɔnye, eye wòano tsi.” Eyae nye Tsivudo ma. Eye abe alesi Ŋɔŋl�a gblɔ ene la, “Agbetsi tɔsisi anɔ dzidzim tso eƒe dɔme.” Oo, Eyae nye agakpeme tsivudo ma! “Tso eƒe dɔme, alo tso eƒe ememe ke la, Agbetsi tɔsisi dzina.”111 Eyae nye Agakpe ma si nɔ…Emae nye Hagar ƒe Agakpe, le xaxa ɤi; esime via ɖo kudo nu, le esime wònyae do goe le asaɖa la me, eye wònɔ afima kple Ismael ɖevi la. Eƒe tsi, si wòtsɔ ɖe

Page 21: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 21

eƒe tsido me ɖe asi la, vɔ keŋ. Eye wòtsɔ Ismael sue la mlɔ anyi; eye wozɔ yi adzɔge vie, anɔ dati ƒe dadame ɖeka, eye wòfa avi, eye, oo, elabena medi be yeakpɔ ɖevi la ƒe ku teƒe o. Eye kasia la, Aƒetɔ ƒe Dɔla ƒo nu nɛ, eye wòkpɔ Beer-…Bersheba, ƒe—ƒe vudo si nɔ dzidzim le afima, eye egale dzidzim vaseɖe egbe. Enye Beer—Beersheba na Hagar, Agakpe si le gbedzi le afima.112 Ele tsitre ɖe afima le Vudo si yɔ fũ kple Ʋu la gbɔ, gbemagbe, esi wòtsi tre ɖe gbedoxɔa me. [Nyaƒoka la ɖi ƒuƒlu—Tala.]…le ahom tuɤi. Le Zaxaria ta 13 lia me la, Enye Tsivudo ma si le nuvo tso Dawid ƒe me, hena ŋutikɔklɔ kple (nuv�) nuv� klɔklɔ ɖa. Eyae nye Tsivudo ma. Eye le Psalmowo 36:9 me la, Enye Dawid ƒe Agbetsi Vudo la. Eganye Tɔsisi ma si le Dawid ƒe me la kokoko. Eye Eyae nye esi le hakpala ma me, le eƒe dzime afima. Hakpala la gblɔ bena:

Ʋu Tɔsisia ɖe do go,Tso Imanuel ƒe kabiwo me,Nuv�wɔlawo dze tɔ sia me,Bú fɔɖiɖiwo keŋ.

Enye Agbetsi Tɔsisi ma, Agbetsi Vudo la. Eyae nye Mawu ƒe Nya.113 Ŋkeke mamlea sia metɔwo gblẽ Eyama, si nye nyateƒe Nya la, Agbetsi la ɖi; eye woɖe kɔmahatsɔŋkɔ ƒe tsidowo na woawo ŋutɔ ɖokui; eye, ziɖeka ake la, wogaɖee, woku do!114 Eye míekpɔ azɔ bena, tsido siwo gɔme ŋɔ la nɔ wosi. Eye tsido sia yɔ kple dzimaxɔse ƒe dɔlékuiwo, dzimaxɔse ƒe adegbeƒoƒowo, sukudede ƒe ɖoɖowo, kple bubuawo keŋ, si nye nusiwo to vovo na Mawu ƒe ŋugbedodowo. Wonye Nya la ƒe ɖikelawo.115 Azɔ, tsido siwo woɖe la, Biblia gblɔ bena, “woŋɔ.” Tsido si ŋɔ la enye tsido aɖe, si “ɖuɖuna” eye wòtsiɔna ƒu gbe. Nukae wɔm esia le? Ele tsi tsiɔm kɔ ɖe subɔsubɔ ƒe tsiƒoɖido si woyɔna be Xexeame Hamewo ƒe Adaŋudeha la me. Eye afimae tsido si gɔme ŋɔ la kplɔ wo ɖotae, esiawo katã va me elabena wogblẽ Eyama ɖi, eye wo…Agbetsi Vudo la ɖi; eye woɖe tsido siawo.116 Woɖe bibliasuku ƒe nuɖoanyi gãwo hena nusrɔsr�wo, sukudede, kple bubuawo. Tsido mawo ƒomevi woɖe egbe, hegblɔ bena ele na ame be wòaxɔ Dɔkta ɖaseɖigbalẽ Ph.D., alo LL.D., alo B.A ƒe ɖaseɖigbalẽ, alo nane nenema, hafi ate ŋu ayi aɖagblɔ mawunya ŋutɔ g� hã. Tsido siwo yɔ fũ kple mawuŋutinusɔsr� ametɔwɔwɔeawo. Wokplɔa wo yina nenem nusɔsr� ƒe suku gãwo me, eye le afima la wotsɔna woawo ŋutɔ ƒe mawuŋutinusɔsr� ametɔwɔwɔea ƒona ɖe wo me, hedɔa wo kple numa. Ŋkeke kae nye si mee miele agbe le, tsido ametɔwɔwɔeawo sɔŋ! Meɖe fu o…Mewɔ nuku o be nua va le—le ʋeʋẽm kũ, oo, míatɔwo, le esi amewo no tsi le eme tae.117 Eye ne amewo le dzidzɔkpɔkpɔ dim egbe la, nukae wowɔna? Amewo, le esi woal� axɔ Aƒetɔ ƒe dzidzɔ teƒe la,

Page 22: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

22 NYA SI WOGBLƆ LA

wotrɔ ɖe nuv� ŋuti, hena dzidzɔ. Amesiwo dea sɔleme heyɔa wo ɖokui be Kristo ƒe subɔlawo hã, ne wobi dzi ŋutɔŋutɔ la wotɔa siga. Eye ne wo—ne wodi be—be yewoafe dze vie la, wodona gbevu wuwo ayi ɖe xexe aɖanɔ gbewo lãm le ɤeyiɤi sime ŋutsuwo va yina, ale be woala aku ayɔ wo. Wowɔa nu ɖesiaɖe be yewoaxɔ ŋkɔ. Wodina be yewoaɖi sinemawɔla gãwo. Emae nye woƒe dzidzɔ.

Evɔ gake, Yesu gblɔ bena, “Nyee nye woƒe agbɔsɔsɔ.”

Susu si ta woyina ɖawɔnɛ la, eyae nye bena womedi be yewoano nu tso Tsivudo ma me o. Wogbe nu le Egbɔ. Womedi be woano le Eme o. Wotsɔ wo ɖokuiwo de nuɖoanyi ametɔwɔwɔea aɖe ƒomevi me, tsido aɖe ƒomevi si yɔ fũ kple nusiwo ƒãƒã la sɔŋ, ale be woate ŋu ayi dzi nenema.118 Etsɔ va yi la, míekplɔ ɖeviwo yi tɔ dzi. Mexɔe se be Memleɖagbe ŋdi ye. Míeyi ɖe afima; Billy yina lã ɖe ge kple tɔdziʋu. Eye míekplɔ ɖeviwo yi, tɔgbuiyɔvinye kple mamlɛwo, vinye nyɔnuvi, kpakple vinye ŋutsuvi la, eye míeyi ɖe tɔdzi be—be míaɖi tsa kple tɔdziʋu. Màgate ŋu awɔ tsaɖiɖi kple tɔdziʋu ŋutɔ g� hã o, le ŋuny�, ɖiƒoƒo, kple afe me siwo le tɔsisia dzi le afima la ta, woɖe amama afã kple afã hele nu manyatanawo sɔŋ wɔm. Tɔdziʋua ɖe va to míagbɔ yi, tso ƒe wuieve yi wuiene vi ŋutsuviwo le eme, ɖesiaɖe lé biya-goe, kple siga ɖe asi me. Numae yɔm wole be “dzefefe.” Oo, miatɔwo! ɣeyiɤi nenie xexe sia agate ŋu anɔ anyi, kple nuɖoanyi mawo tɔgbe nenema?119 Eye, be woavo tso susu sia me be ne woku la woayi dzomavɔʋe me ta la, nusi wowɔna enye be, woyina ɖagena ɖe nenem tsido ametɔwɔwɔeawo ƒe ɖe me. Eyata ame ŋkume ɖeka tɔgbe koe le tsido ma me. Menye naneke tsɔwu xexeame ƒe ame makɔmakɔwo, takpoɖoe ƒoɖi mawo sɔŋ ƒe hatsotso ko o. Eye wowɔa ɖeka kple numa elabena, abe alesi danye tsitsia gblɔnɛ enuenu ene la, “Xevi siwo to fu ɖeka woe dzɔna ɖe du.” Womedi lava Tsivudo la gbɔ be woaklɔ wo ŋuti tso nuv�gbe ma me o. Wodi be yewoanɔ agbe le afima, gake alé ɖaseɖiɖi sia me ɖe asi kokoko be yewonye Kristotɔwo. Nukaŋutie? Wotrɔ ɖa dzo le Egbɔ, Amesi nye dzidzɔ, Agbe, Agbe deblibo la kple dzidzeme ƒe Tsivudo vavãtɔ la. Susu sia tae wowɔnɛ ɖo, le esime wodi bena yewoaɖo eme tae. Amea ɖewo tɔgbe le afima xɔa nenem nu mawo dzi sena.120 Le afisia eteƒe medidi o la, nye kple Nɔviŋutsu Fred, kpakple Nɔviŋutsu Tom, kpakple míatɔa ɖewo míeyi Baptiste hame xɔŋkɔa ɖe me le Tucson dua me, be míakpɔ ɖa be ɖewotɔ míate ŋu akpɔ nu suea ɖe si ana mí seselelãme gbagbe via ɖe mahĩ. Eye mawunyagblɔla la gblɔ nyaa ɖe kuɖe alesi dukɔ la nɔ Egipte ŋuti, esi wodzo la wonɔ ayo kple bubuawo ɖum, wogadi be yewoagbugbɔ yi aɖaɖui. Egblɔ bena, “Nanee ma sɔ kple egbe-viwo.

Page 23: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 23

Eye, mía, dometɔ ɖesiaɖe gblɔ be, “Amen!” Nyemekpɔ hatsotso ma tɔgbe kpɔ o! Hame blibo la katã ƒe ŋku dzo ɖa le mawunyagblɔla dzi hetrɔ kpɔ megbe be woakpɔ amekae nye amesi ɖe “amen la.” Sigbe ɖe esia na wov� ɖo kudo nu ene. Womenya nusi wonye hã o.

Esi, Dawid gblɔ bena, “Mido dzidzɔ ɤli na Yehowa. Mikafui kple kasaŋku! Mikafui kple dze! Nusianu si me gbɔgbɔ le la nekafu Yehowa. Eye mikafu Yehowa!” Mawu kpɔa dzidzɔ le Eƒe dukɔ la dome. Amesiwo sr� nu la, negblɔ be, “Amen,” nenye be wogblɔ nane ɖe eteƒe la.121 Nukatae miatrɔ le nuɖoanyi kple tsido siwo le xexeame gbɔ, ayi ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi anukwaretɔ, si kee ganye agakpeme tsivudo, Yesu Kristo la me o mahã? Nukata miatrɔ ɖe Eŋu, afisi Mawu anye míaƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ le, míaƒe kafukafu ƒe agbɔsɔsɔ, kple míaƒe dzidzeme ƒe agbɔsɔsɔ o mahã? Mawu naa nye dɔmedzoe nu tsina.

Ne mevuvu keŋkeŋ la, megakpɔa nye akɔfafa le Kristo me, menye le siga yɔyɔ me o, menye le xexeame nuwo me o, menye le gege ɖe dzixɔsea ɖe me o; ke boŋ le esi mekpɔ Eyama la ta, le ŋugbedodo Nya si Wògblɔ la me bena, “Ne Meyi la, Magatrɔ va ake be maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye.” Mekpɔa nye dzidzɔ le esia me. Eyae nye nye Dzidzɔ la.122 Wogblɔna egbe bena, to gege ɖe nusiawo me kple Xexeame Hamewo ƒe Adaŋudeha wɔwɔ me la, esia me yewoawɔ teƒe si nyo wu hena agbe nɔnɔ. Vavã le nye susu nu la, ɖe wogbɔna teƒe si nyo wu wɔ ge hena nuv� wɔwɔ. Esiae nye…Nu blibo la katã nye nuv�; le mɔ sia mɔ nu; menye na agbe nɔnɔ o, ke boŋ afisi woaku le. Awɔ teƒea ɖe si woawɔ nuv� le—woawɔ nuv� le, tsɔwu be woanɔ agbe le.123 Nu bubu, si le Yesu Kristo kple Eƒe Agbenya la godo la, nye tsido si gɔme ŋɔ. Nusianu si le agbagba dzem be yeaɖɔli Eteƒe la; nusianu si wɔm miele be nehe ŋutifafa vɛ na mi la, nusianu si wɔm miele be nehe akɔfafa vɛ na mi la, dzidzɔ ɖesiaɖe ƒomevi si miekpɔna le nu bubua ɖe me la, abe Nusia ƒe teƒenɔnu ene la, enye tsido si gɔme ŋɔ esi yɔ fũ kple ŋuny�nuwo. Eyama koe nana dzidzeme si de blibo la.124 Meɖo ŋku dzi kpɔ le afisia be, anɔ dzɔmeŋɔli eve va yi la, meto ʋɔtru megbetɔa nu do go. Ðekakpui nukpoloeƒolaa ɖe le xexe afima si gblɔ nam bena, egblɔ be, “Ènya, nusitae èhea nya ɖe nyɔnuwo ŋu nenema be, wodo atakpui kple nuwo ken la,” egblɔ bena, “elabena ènye amesi ku amegã tae.” Ebe, “Susu ma tae.”

Megblɔ bena, “Kpɔ afii. Ƒe nenie le asiwò?”

Ebe, “Blaeve vɔ adrẽ.”125 Megblɔ be, “Esime nyemetsi de nuwò o hã la, meɖea gbeƒã nu ɖeka ma.”

Page 24: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

24 NYA SI WOGBLƆ LA

Mekpɔ dzidzeme ƒe Tsivudo ma. Eyae nye nye gome. Amen! Zi alesi Wòana esia la, ke atsyɔɖoɖo lae ma. Emae nye—emae nye nye…Emae nye nye aɖaŋu, be mawu ŋku ɖe Edzi, alé ŋku ɖe Eƒe asi ŋuti le dɔwɔwɔ me eye makpɔ nusi wɔm Wòle la. Nyemenya Tɔsisi bubua ɖeke o!

Oo, ʋu xɔasi si le sisimSi wɔm mefu wu sno;Nyemenya tɔ bubu o.Naneke o. Negbe Yesu ƒe ʋua ko.Ʋu-Tɔsisia ɖe do go tso,Emanuel ƒe kabiwo me,V�wɔlawo dze tɔ sia me,Bú fɔɖiɖiwo keŋ.

126 Mele egblɔm na mi bena, nyemenya tɔ bubua ɖeke tsɔwu Tsivudo ma o. Eklɔ ŋunye le esime meƒo ɖi, elém ɖi kɔkɔe, elabena medi be manɔ agbe le Egbɔ, ano Tsi nyui sia si yɔ nye luʋɔ me kple dzidzɔ la ƒe ɖe. Mate ŋu agbɔdzɔ ŋutɔ ale gbegbe, eye wòawɔ sigbe nyemagate ŋu ayi dzi o…kametete bubu dzi o, agate ŋu aɖo teƒe bubu o; ke ne medze klo tɔ asi ŋugbedodoa ɖe dzi, hegblɔ bena, “Aƒetɔ Mawu, Wòenye nye ŋusẽ. Wòenye nye dzidzeme. Wòenye nuwo katã le wo katã me nam.” Ekema medea asi Nane si le fiefiem la sese me le menye ke. Medona le eme.127 Le esi mexɔ ƒe wu ƒe blaat� vɔ xoxo la, ne meny� le ŋdi me la, minya alesie wònɔna, esẽsẽa ŋutɔ be maɖe afɔ dogoe le aba dzi. Miatɔwo, esẽsẽ hafi nàwɔe; kasia amea ɖee kem le ʋɔtrua nu, hele eƒom, alo Billy ava gblɔ nam bena nane dzɔ kpata, le afiaɖe wole be mayi. Ke mesusuna be, “Aleke mate ŋu awɔ esiae?” Medzea agbagba ɖea afɔ ɖeka ɖe xexe. Mesusu be, “Wòenye Vudo si yɔ fũ kple nye ŋusẽ. Amen! Nye ŋusẽ kple nye xɔname tso Aƒetɔ la gbɔ. Wòenye nye agakpeme tsivudo! Wòenye nye ɖekakpuinyenye! ‘Amesiwo kpɔa mɔ na Aƒetɔ la ɖɔa li woƒe ŋusẽ; wodzoa yi yame ʋĩ abe h� ene; woƒua du, metia wo o; wozɔa azɔli, ɖeɖi metea wo ŋu o.’ Aƒetɔ Mawu, nye dɔdeasie, be mayi. Ðe woyɔm be mawɔ dɔdeasi sia.” Eye hafi nanya la, Nane ade asi fiefie me le menye ɖaa ke.128 Nyitsɔ aɖe va yi, le teƒe suea ɖe la, menɔ takpekpe wɔm le Topeka, Kansas; ŋutsuvia ɖe li, ɖekakpui mawunyagblɔlaa ɖee, ame gbãtɔ siwo de asi tenye la dometɔ ɖeka. Nɔviŋutsu Roy, si nɔ afisia, aɖo ŋku teƒea dzi. Le afima, teƒe gã ma le afima la, nane li si—si…Osɔfo sia nɔ xɔa ɖe te alo teƒea ɖe, eye glia ŋe le eƒe axa dzi heƒoe ƒu anyi wògbã ɖe te. Ŋutsuvi la yina kuku ge. Eƒe akla wó. Eƒe veve gli le eƒe teƒe. Agba si kpe t�ni geɖe lae mu dze edzi.129 Menɔ anyi ɖe ŋdinuɖuƒe, henɔ nu ƒom kple sr�nye. Mebiae be, “Sr�nye, ènyaa, ne ɖe Yesu le aƒisia la, ènya nusi Wòawɔa?” Megblɔ bena, “Esime wòde asi te nye la, ‘mexɔ Nya

Page 25: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 25

ma dzi se be,’ Kristo te wòde asii.” Eye megblɔ bena, “Esia nye abosam ƒe aye aɖe ko.” Megblɔ be, “Ne ɖe Yesu le afisia la, ɖeko Wòayi ada Eƒe asi kɔkɔe la ɖe edzi. Eye ɖekakpui ma af� sesiẽ tsã. Nyemefɔ le me be eƒe akla wó o. Af� sesiẽ, elabena Yesu azɔ yi egbɔ le afima le esi Wònya amesi tututu wònye la ta. Enya Eƒe yɔyɔ, Ŋɔŋl�awo le eteƒe, heɖo kpe dzi le Eme bena Enya Amesi Wònye la, eye menye e…ɖikeke ƒe vɔv�lia ɖeke mele eme o. Ada Eƒe asi ɖe edzi, agblɔ bena, ‘Vinye, wò lãme nesẽ,’ eye wòadzo le afima.” Eye megblɔ bena, “Gbɔgbɔv�wo mesɔgbɔ fũ le aʋlime ate ŋu awu ŋutsuvi ma, ɤemaɤi o.” Megblɔ bena, “Eƒe lãme lasẽ.” Gake megblɔ bena, “Èkpɔa, sr�nye lɔl�a, Eyama nye Yesu, Mawu ƒe asi kɔkɔe la.” Megblɔ bena, “Nyea nuv�wɔla menye. Wòdzim to gbɔdɔdɔ me. Fofonye kple danye katã wonye nuv�wɔlawo, eye nyemenyo na naneke kura o.” Eye megblɔ bena, “Gake ènya nukaea? Ne ɖe Aƒetɔ ana ŋutega aɖem si adɔm ɖe afima la, ekema ato vovo.” Megblɔ bena, “Mayi ada asi ɖe edzi, ke atso le aba ma dzi tsã nenye be Ena ŋutega aɖem la.”130 Tete metɔ tame bubu be, “Le esiawo katã megbe hã, nenye be ŋutegae ɖe, nukae? Asi ƒoɖi siawo ke koe woada ɖe edzi, uh—huh, ame ɖeka sia ke koe ado gbea ɖa ɖe eta, asi ƒoɖi sia ke koe.” Ale medze tame bubu be, “Eteƒenɔlae menye. Ekema, Mawu mele kpɔyem o. Ame dzɔdzɔe ƒe Ʋu ma le vɔsamlekpuia dzi le afima; Ele nya xɔm ɖe akɔ nam. Eyae nye nye agbɔsɔsɔ. Eyae nye nye gbedodoɖa. Eyae nye nye Agbe.” Megblɔ be, “Nu ɖeka si ana be mada nye asiwo ɖe edzi, kple xɔse, lae nye bena, meɖo xɔse ɖe ŋutega la dzi. Eye ŋutega manɔmee hã, xɔse ma ke awɔ nu ɖeka ma ke; eyata nyemate ŋu akpɔ ɖokuinye be mele ɖe me o, gake mate ŋu ade dzesii bena Eyae nye nuwo katã le wo katã me nam. Eyae nye nye Agbe. Eyae nye Amesi dɔm. Kɔmahatsɔŋkɔa ɖeke medɔm o. Eyae dɔm. Aleluya! Meyina le Eƒe Ŋkɔ me. Mada nye asiwo ɖe edzi.” Mezɔ yi ɖe afima heda asiwo ɖe ŋutsuvi ma dzi, eye le zã ma me la, enɔ takpekpe la me, hesẽsẽ nyuie. Amen!131 Oo, �, Eyae nye Tsivudo ma. “Nyemenya Tɔ bubu o. Naneke o negbe Yesu ƒe Ʋua ko!” Ame vloe menye, ame dzegoe menye, mía dometɔ ɖesisaɖe hãe, gake le Mawu ŋkume la míede blibo. Ye-… “Azɔ miawo hã mide blibo abe alesi mia Fofo si le Dziƒo la de blibo ene.” Aleke nàte ŋui? Elabena Amesi de blibo la ɖɔli mía teƒe le afima. Tsivudo ma le yeye le afima, gbesiagbe. Menye nane si ƒãƒã o, ke boŋ esi le yeye gbesiagbe, heklɔa nye nuv�wo katã ɖa. Eyae nye Tsivudo ma.132 Azɔ la be míawu enu la, magblɔ nya sia. Nusianu si to vovo na Eya la nye tsido si gɔme ŋɔ, ke nusianu si nàkɔ ɖe me la aɖuɖu ƒu gbe godoo; nenye be ètsɔ wò mɔkpɔkpɔwo katã, wò

Page 26: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

26 NYA SI WOGBLƆ LA

ɤeyiɤi katã, kple nusianu, le ƒoƒom ɖe tsido ƒãƒã mawo ƒe ɖe me. Yesu gblɔ bena tsido siwo gɔme ŋɔ wonye. Mawu gblɔ bena, “Woŋɔ, eye nuka kee nèkɔ ɖe wo me la aɖuɖui.” Màte ŋu ayi didiƒe kpakpli wo o, elabena woaɖuɖu. Elabena Eya koe nye mɔ ɖeka si yi ɖe Nyateƒe la me, yi ɖe Agbe, kple dzidzɔ Mavɔ, kpakple ŋutifafa Mavɔ la me. Eya Ðeka koe li kple mɔ ɖeka si yi ɖe Eme. Oo, míatɔwo!133 Agbetsivudo si memiena gbeɖe o lae nye Yesu Kristo. Nukaŋutie? Eye Amekae Wònye? Nya lae, ɖeka mae; Nya lae, Agbe lae, Tsivudo lae, si nye “Eyama ke etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.” Na xɔsetɔ vavã la, Enye dzidzɔ si ƒota nɛ, kple Agbe si ƒota nɛ. Eye eƒe dzidzeme si ƒota la le Kristo me. Menye esi woagbɔ o, esi woahe o, esi me woaɖo o, esi woakpa ƒu gbe o; ɖeko naxɔ edzi ase ahaɖe dzi ɖi. Nusiae Wònye na dzixɔselawo.134 Abe fofo Abraham ene la; mehe naneke kpɔ o; akɔ mevee kpɔ o, metsi dzimaɖi hã kpɔ o. Nya la nɔ esi. Emlɔ El Shaddai ƒe no nu. Esime Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka la, Mawu dze nɛ, hegblɔ nɛ be, “Nyee nye Ŋusẽwokatãtɔ la.” Hebrigbe ƒe nyagbe lae nye El Shaddai, esi gɔme enye, “Amesi si No le.” “Ke ètsi, ŋusẽ vɔ le ŋuwò, gake ziɔ ɖe Nye akɔnu ko eye nano wò ŋusẽ tso Tsivudo sia me.” Amen! Nukae wòkpɔ tso noa me? Ŋutilã yeye. Edzi vi hã, le Sarah ƒe dɔme. Eye, le ƒe blaat� megbe hã, egadzi vi adre le nyɔnu bubu ƒe dɔme.135 Oo, El-Shaddai! Nubabla Xoxoa fia nusi Wòwɔ, Nubabla Yeyea hã gblɔ nusi Wòawɔ. Amen! Le Nubabla Xoxoa me la…136 Azɔ yagbɔnua tɔ te, eyata maɖe abla adzo le afisia, le miniti ɖeka me. Medi be magblɔ nya sia hafi awu nu. Mekpɔ kpɔɖeŋu nyuia ɖe kuɖe esia ŋu le gaa ɖe me. Menɔ ave ŋuti dzɔm. Ke ame geɖewo le afisia la…Le Georgetown gbɔ lɔƒo, le Milltown afima, le afiaɖe ke ɖaa, le togbewo domee la, tsivudo aɖe nɔ afima. Agakpeme tsivudoe. Tsi si wòdana ziɖeka la ade didiƒe a—abe afɔ ene loo-alo at� ene, ɖeko wònɔ ekɔm ɖi ko ɤesiaɤi, eye tsisisi gãa ɖe ƒoxlãe le teƒe ma. Eye le afima godoo la, gbe ʋẽʋẽwo miẽ ƒoxlã, minyae, kpakple amagbe bubu, siwo le abe ahamɛ ene. Eye, oo, enɔ dzroyem ɖaa be mayi ɖe egbɔ le afima ko, oo, míatɔwo, be mayi ɖe tsivudo ma gbɔ. Ke memlɔa anyi ɖe egbɔ henɔa enom, nɔa enom ko, eye mabɔbɔ nɔ anyi aganoe, alala. Eye ƒe sia ƒe la megayina tsivudo ke ma gbɔ. Memiẽna gbeɖe o, eɖanye dzomeŋɔli loo vuvɔŋɔli o. Womate ŋu awɔe wòazu tsikpe o. Màte ŋu atrɔ agakpeme tsivudo wòazu tsikpe o. Oo, gbeɖe! Oo, gbeɖe! Nyemetsɔ ɖeke le alesi—alesi gbegbe wòfae la me o, esia mawɔe wòazu tsikpe o. Woate ŋu ana tsido nazu tsikpe; fafa vi sue aɖe ko su awɔ esia. Mikpɔea?

Page 27: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 27

Gake nusianu si le ʋaʋam la, Agbe le eme, enye nane si le yiyim. Eye miate ŋu atrɔ agakpeme Tsivudo zu tsikpe o. meka aleke gbegbe wote gbɔgbɔa ɖe anyi le teƒea hã o la, Tsivudo sia le agbe ɤesiaɤi. Minɔ agbe le Vudo la gbɔ.137 Eye mede dzesii le afima be, meyina egbɔ ɖanoa tsi, ke, oo, míatɔwo, tsia vivi nyuie ŋutɔ! Mele be nàxa nu o, “Abia ɖokuiwò se be, ɖewotɔ ne meyi afima, amea de menyaa nu o tsia anya dzudzɔ sisi mahĩ?” Egale sisi dzi ko…138 Agbledela xoxoa ɖe gblɔ nam kpɔ bena, ebe, “Tɔgbuinye no tsi le eme.” Eye wògblɔ be, “Eƒe agbɔsɔsɔ meɖiɖi kpɔtɔ kpɔ alo wɔ naneke o. Tsivudo ɖeka ma ke ko wòganye, hele sisim yi ɖe Blue River ma me.”139 Mesusu be, “Oo, míatɔwo, teƒe nyui kae nye si be woano tsi le!” Mefea mɔ zɔna abe agbadroƒe ɖeka ene, hafi ayi teƒea, elabena teƒe nyui vavã ŋutɔa ɖe wònye be woano tsi le. Oo, tsia nyo loo! Oo, míatɔwo! Me—meyina gbedzi afima, Arizona ye azɔ, gake meganɔa eŋuti bum kokoko, “Tsivudo nyui ŋutɔ ma si le afima, ne ɖe magate ŋu amlɔ anyi ɖe egbɔ la!” Abe alesi Dawid gblɔ gbeɖeka ene bena, “Oo, ne ɖe magate ŋu ano tsi le vudo ma me ko!” Ne ɖe wòate ŋu ayi afima kola!140 Ke menɔ afima gbeɖeka, eye nu ɖikokoe aɖe dzɔ ɖe dzinye. Eye mebiae be, “Nukae wɔ nèle dzidzɔ kpɔm ɤesiaɤi alea? Edzrom be nye hã makpɔ dzidzɔ nenema. Nukaŋutie, esime mevana afisia kpaa, nyemekpɔ wò nèle blanui kpɔ o. Naneke melea blanui le ŋu wò o.” Megblɔ be, “Dzidzɔ yɔ wò gbago ɤesiaɤi. Èle kpo tim ɖaa hele fiefie dzi le vivi sese dzi ɖaa. Eɖanye vuvɔŋɔli loo alo dzomeŋɔli o, fafa alo dzodzo o la, nuka kee wòɖanye hã, wòa nèyɔ gbago kple dzidzɔ ɤesiaɤi. Nukae wɔ wò be nè…? Nukae, nukae nye nua? Ðe esi meno wò tsi taea?” “Kpao.” Megblɔ be, “Enyo, ɖewohĩ esi fɔmiziwo noa wò tsi tae, eye eyae dzɔa dzi na wò ale gbegbe.” “Kpao.” Mebia be, “Enyo, nukae wɔ be nèle fiefiem ɖedzi nenema? Nukae wɔ be dzi le dzɔwòm nenema? Nukae wɔ be ɤesiaɤi la èyɔ gbago kple dzidzɔ mahã?” Megblɔ be, “Le esi xeviwo va—va noa tsi le mewò taea?” “O.” “Esi meno tsi le mewò taea?” “O.” Mebe, “Enyo, nukae wɔ be wò dzidzɔ yɔ gbago nenema gbegbe?”141 Eye ne ɖe vudo ma ate ŋu aɖo nya ŋu nam la, aleae wòagblɔ esi. “Nɔviŋutsu Branham, menye esi nèno tsi tae o;

Page 28: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

28 NYA SI WOGBLƆ LA

esia dze ŋunye, kple alesi mate ŋu ana tsi xeviwo hã ta o. Menaa amesiame si di be yeanoe la faa. Nu ɖeka si hiã be nàwɔ la koe nye be nàva afisia anoe. Gake, nusie doa dzidzɔ nam la, menye nye ŋutɔe le fiefiem o, nanee le menye ke, le tutuyem. Nanee le fiefiem le menye.”142 Eye nenema ke wòle na agbe si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ la. Abe alesi Yesu gblɔ ene la, Enye le…Mikpɔea, Eya ana wò tsi vudo siwo anɔ sisim yi ɖe Agbemavɔ me, agakpeme, tómetsi vudo si sina ɖaa hee. Hamea ƒe ame susɔewo ɖale tsitre alo wodze anyi o la, wòa nanɔ Vudo sia gbɔ ɖaa. Nukatae naxɔ kɔmahatsɔŋkɔ xoxoa ƒe nuɖoanyi kple tsido, si yɔ fũ kple aɖifuɖi-ŋɔwo kple nu bubu ɖesiaɖe, eye nàno nu le nu ƒãƒã ma me, evɔ wole kpewòm be nava Tsivudo, si nye agakpame Tsivudo la gbɔ mahã?143 Mebu alesi wòle tsi damee la ŋuti kpɔ, kple alesi wòle adã dzie, kple—kple alesi wòle ŋeŋemi, hele nu kom, le dzidzɔ kpɔm, hele kpo tim, hele aseye tsom. Vuvɔ, tsidzadza; dzodzo, kuɖiɖi, ne dukɔa ƒe teƒe susɔewo lu xe hã, egale fiefie dzi ko abe alesi wònɔna tsã ene. Elabena egoglo, ede to, etso keke agakpewo ƒe tu me ɖaa ke.144 Oo, na manɔ ema gbɔ dzro! Mixɔ miaƒe nuɖoanyi ametɔwɔwɔeawo alesinu miedi la, miaƒe vudo xoxo mawo katã si ƒãƒã la, gake mina mɔ be mava…alo tsido siwo ƒãƒã. Ke mina mɔ be mava Tsivudo sia gbɔ, mina mava afima si Wòyɔ fũ le. Eyae nye nye Dzidzɔ. Eyae nye nye Kekeli. Eyae nye nye—Eyae nye nye Ŋusẽ. Enye Tsi si mano. Enye nye Agbe. Enye nye Gbedala. Eyae nye nye Ðela. Enye nye Fia. Nusianu si ke hĩa nam la, mekpɔe le Eyama me. Nukaŋuti magadi be mayi nu bubu gbɔ mahã?145 Nɔviŋutsu, nɔvinyɔnu, ɖe mava Tsivudo sia gbɔ le zã sia me oa? Ðe mava oa, nenye be mèyi afima kpɔ o la, ɖe maxɔ Esia le zã sia me esime míede míaƒe tawo to o mahã?146 Tsido siwo gɔme ŋɔ, siwo ɖuɖuna, siwo tsiɔna, xexeame tsiɔna ɖe eme, ŋuny�nu siwo tso lãkpo tame kple esi nye ŋkeke bubu tɔ la hã. Nukatae menye Vudo siae o, esi me nu wuwlui mawo mate ŋu anɔ o, Tsivudo gã ma si yɔ kple Ʋu, si do go tso Imanuel ƒe kabiwo me o mahã? Nukaŋutie màxɔe le zã sia me oa? Mawu nakpe ɖe mía ŋuti dzro, le zã sia me, le kuɖiɖinyigbã, ƒuƒui sia dzi. Abe alesi nyagblɔɖila gblɔ ene be, “Eyae nye Agakpe le kuɖiɖinyigba dzi.” Eyae nye Tsivudo ma. Ðe màva egbɔ le zã sia me, kple wò dzi, le esime míele gbe dom ɖa o mahã?147 Dziƒo Fofo Lɔl�a, Tsivudo bubua ɖeke meli o, abe alesi saŋkua le eƒom ene, “Nyemenya tɔ bubu o; naneke o negbe Yesu ƒe Ʋu ko.” Afimae wodzim ɖo, afimae wonyim le; medi be manɔ agbe le afima, eye maku ɖe afima, eye magafɔ ɖe tsitre le afima, le Eƒe Ŋku me. ɣesiaɤi la, Aƒetɔ, na be manɔ

Page 29: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 29

Eƒe Ŋku me ɖaa, elabena nyemeganya bubu o. Xɔsemeʋuʋu aɖeke o, lɔl� aɖeke o; lɔl� aɖeke o negbe Kristo ko, xɔsemeʋuʋua ɖeke o, negbe Kristo ko, agbalẽa ɖeke o negbe Biblia ko, nu bubua ɖeke kura o, dzidzɔ bubua ɖeke le Eyama godo o. Ðe Eyama ɖa le menye, Oo Mawu, meka xexeame nu ƒe agbɔsɔsɔ si le menye o la, ele—ele kuku ge koe, makpla nye asi ta anɔ tsaglalatsatsa dzi. Ðe Esia ɖa le menye, ne menye nenem o la ɖeko maku, Aƒetɔ. Gake na be Esia nanɔ menye, ekema Dzome hã avivi abe Dame ene, ekema dzodzo teƒea ɖeke maganɔ anyi o eye kuɖiɖi teƒea ɖeke maganɔ anyi o, ke ku ŋutɔ g� hã makpɔ dziɖuɖu o. Na be míaxɔ Eyama ko dzro, Fofo. Na Eyama mí, le agbɔsɔsɔ me, na xɔsetɔ ɖesiaɖe le afisia zã sia me, esi wolala le xɔ sia me.148 Wo dome ame geɖewo le ʋu ku ge le mɔ dzi le zã sia me, ne woyina ɖe wo de, ke susu sia nanɔ wosi dzro bena, “Mele agbe le Tsivudo ma gbɔ. Mele afima, hegale tsia nom yeye, tso gaƒoƒo yi ɖe gaƒoƒo.”149 Ke ne womexɔe, haɖe o la, wo ne xɔ Eyama fifia, ale be woate ŋu ayi kple Tsivudo ma. “Mayi kpli mi; manɔ anyi kpli mi vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” Na be nu siawo nava me, Fofo.150 Eye azɔ esi míaƒe tawo gale to la, ɖe amea ɖe le afisia, le zã sia me, alo ame nenie agblɔ bena, “Aƒetɔ, kplɔm yi Tsivudo ma gbɔ fifi laa. Nyemeva afisia be mava se nya ɖeɖeko o; ɖe meva afisia be makpɔ Nane. Meva afisia be makpɔ Wò, Aƒetɔ. Mehĩa Wò le zã sia me. Va nye dzi me fifi laa. Ðe màl� awɔe oa, Aƒetɔ?” Mawu nayra mi. Aƒetɔ nayra mia dome amesiame.151 Fofo, Èkpɔ asiawo, keke ŋutɔ le dzia kple gliwo xa, kple xɔ bubuwo me, le egodo g� hã. È—Èkpɔ wo, Fofo. Me—mele gbe dom ɖa be Nàna wo nusianu si hĩa wo la. Ðewohĩ wole tsi nom le tsido xoxoe aɖe me, Aƒetɔ, le tetɔƒe si le mɔ afã dzi afisi amea ɖe ŋutɔ ɖe tsido aɖe ɖo, eye nufiafia tutɔ ƒomevi ɖesiaɖe ƒe dɔlékuiwo le eme, si ke gbe nu Nya la gbɔ. Mele gbe dom ɖa, Mawu, bena le zã sia me la woava Eyama Amesi nye Tsivudo, Agbetsi Vudo la gbɔ. Na be wòava me dzro, Fofo. Megblẽ wo ɖe Asiwò me azɔ le Yesu ƒe Ŋkɔ me.152 Ke Ègblɔ nam be, “Ne mibia nane le Nye Ŋkɔ dzi la, woawɔe.” Azɔ, nyemabia nusia o, Aƒetɔ, ne menye ɖe mesusui be ava eme o. Anye ne ma—magblɔe ko abe numãme ene. Gake medo gbe ɖa ɖe wò ta, kple moveviɖoɖo. Mele gbe dom ɖa ɖe wo ta, hele exɔm se bena Àwɔ nusi ƒe ŋugbe Èdo la.153 Ke azɔ meɖe wo do goe le tsido ma me zã sia me. Meɖe wo ɖa tso vudo ma si me wonɔa tsi nom le la gbɔ, afisi ke womeɖia kɔ le o; heva Tsivudo sia gbɔ. Mewɔe le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me.154 Wonye Tɔwò, Aƒetɔ. Na be woano tso Wò, Agbetsi la, Agbetsi Vudo la me. Le Yesu ƒe Ŋkɔ me, mebiae le. Amen. Neva me dzro, Aƒetɔ.

Page 30: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

30 NYA SI WOGBLƆ LA

Oo, Ʋu xɔasi si le sisimWɔm mefu wu sno;Nyemenya tɔ bubu o,Naneke o Yesu ƒe Ʋua ko.Nukae ate ŋu aklɔ nye nuv�wo ɖa?Naneke o Yesu ƒe Ʋua ko.Nukae ate ŋu wɔm blibo ake?Naneke o Yesu ƒe Ʋua ko.

Oo, Yesu, da gbe le amesiawo ŋu, Aƒetɔ! Neva me dzro, Aƒetɔ, to Yesu ƒe Ŋkɔ me. Medo gbe ɖa, Mawu, bena Wò…?…Wòenya nuwo katã.

Nyemenya tɔ bubu o,Oo, naneke o negbe Ʋua ko…

155 Bu eŋu kpɔ, nyemenya tɔ bubu o! Nyemenya nu bubua ɖeke o negbe Eyama ko. Nyemedi be manya nu bubua ɖeke o negbe Eyama ko. Naneke o negbe Yesu ƒe Ʋua ko! Oo!

Oo, Ʋu xɔasi si le sisimSi wɔm mefu wu sno;Nyemenya tɔ bubu o,Oo, naneke o negbe Yesu ƒe Ʋua ko.

156 Esi míagadzi ha sia ake la, mina míana asi mía nɔewo. Ðe miel�a mia nɔewoa? Ðe amea ɖe le xɔ sia me eye nya aɖe le esi ɖe ame bubu ŋua? Ne ɖe li la, miheyi ɖadee ɖoɖo me. Miele ewɔ gea? Migana be míadzo le afisia nenema ko o. Mikpɔea? Ne mienyi nane ƒe fe le amea ɖe ŋu la, miheyi ɖadzrae ɖo, fifi laa. Fifi laa enye gomekpɔkpɔ na wò be nàyi, agblɔ be, “Nɔviŋutsu, nɔvinyɔnu, megblɔ nyaa ɖe ɖe ŋuwò, mesusu nane ɖe ŋuwò. Nyemeɖoe be mawɔ numa o. Tsɔe kem dzro.” Mikpɔea, nenema wowɔnɛe ma. Mina Tsivudo ma nanɔ mía dome ko, ɤesiaɤi. Mikpɔea?

Nyemenya tɔ bubu o,Naneke o Yesu ƒe Ʋua ko.Oo, ʋu xɔasi si le sisimSi wɔm mefu wu sno;Oo, nyemenya tɔ bubu o,Naneke o Yesu ƒe Ʋua ko.

157 Oo, ɖe Menyo ŋutɔ oa? Tsivudo bubua ɖeke o! Míele nu tutɔ tsɔ ge aba dɔlélé na mía ɖokui o. Míeɖe mía ɖokui ɖe aga, hegblẽ xexeame ɖe megbe. Míegadi Egipte ƒe ayo kple tsido siwo gɔme ŋɔ la o. Míele mɔ zɔm kple Aƒetɔ Yesu, Agakpe ma si woƒo, amen, hele Dziƒo Mana ɖum, le tsi nom; le mawudɔlawo ƒe Nuɖuɖu ɖum, eye míeno tso Agakpe la me. Amen!

Nyemenya tɔ bubu o,Naneke o Yesu ƒe Ʋua ko.

Azɔ mina míade míaƒe tawo to.

Page 31: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ 31

158 Míele gbe dom ɖa be Mawu nayra mia dometɔ ɖesiaɖe, bena Eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kpli mi le kwasiɖa si gbɔna la katã me. Eye ne nane nadzɔ, be mia dometɔ aɖe naɖiɖi aga ayi dometsovɔ la godo fifia la, miɖo ŋku dzi ko bena gaƒoƒo via ɖe ƒe al�dɔdɔ kple ɖiɖiɖeme koe vaseɖe esime míagakpe. Miɖo ŋku dzi, bena, “Amesiwo susɔ le agbe la mado ŋgɔ na amesiwo le al� dɔm la o, elabena Mawu ƒe Kpẽ, Kpẽ mlɔetɔ ma…” Sẽ va yi koe adelia ɖi. Eye Kpẽ mlɔetɔ ma la, sigbe Nutrenu mlɔetɔ ene la, anye Aƒetɔ la ƒe Vava. “Ele ɖiɖi ge, eye amesiwo ku le Kristo me la atsi tre gbã.” Ðeko wole ɖiɖim ɖe me vaseɖe ɤemaɤi.159 Ke ne wode abi ŋuwò la, ɖo ŋku dzi be:

Tsɔ Yesu ƒe Ŋkɔ yi kpli wò,Abe akpoxɔnu tso m� ɖesiaɖe me;Eye ne tetekpɔwo ƒoxlã wò hã,Wò gbɔgbɔ nanye Ŋkɔ Kɔkɔe sia le gbedodoɖa

me. (Gbɔgbɔv�wo asi.)160 Miɖo ŋku dzi be, míele mɔ kpɔm be míava kpe kpli mi le Kwasiɖagbe si gbɔna ƒe ŋdi me le afisia. Mikplɔ dɔlélawo kple fukpelawo vɛ. Manɔ gbe dom ɖa ɖe mia ta. Miawo hã mido gbe ɖa ɖe tanye azɔ. Miele ewɔ gea? Migblɔ be, “Amen.” [Ƒuƒoƒea gblɔ be, “Amen.”—Tala.] Mado gbe ɖe ɖe mia ta, be Mawu nayra mi.

…Ŋkɔ le gbedodoɖa me.Ŋkɔ xɔasi, Ŋkɔ xɔasi, O ale wòvivie!Anyigba ƒe mɔkpɔkpɔ kple Dziƒo dzidzɔ;Ŋkɔ xɔasi, O ale wòvivie!Anyigba ƒe mɔkpɔkpɔ kple Dziƒo dzidzɔ.Ne woyɔ Yesu ƒe Ŋkɔ la,Miade ta agu ɖe Eƒe afɔ nu,Fiawo dzi Fia le Dziƒo míaɖo Eyama tegbee,Ne miaƒe mɔzɔzɔ la wu nu.Ŋkɔ xɔasi, Ŋkɔ xɔasi, (ɖe mevivi hexɔasi oa?)Anyigba ƒe mɔkpɔkpɔ kple Dziƒo dzidzɔ;Ŋkɔ xɔasi, Ŋkɔ xɔasi, O ale wòvivie!Anyigba ƒe mɔkpɔkpɔ kple Dziƒo dzidzɔ.

161 Adzo le mía gbɔ hã zua nusi sesẽna kokoko. Togbɔ be menya be miele dzo bim hã la, gake nane koe kuɖe…Mina, miagatsɔ eɖe ƒe kpukpui ɖeka akpee, ɖe mial� awɔea? [Ƒuƒoƒea gblɔ be, “Amen.”—Tala.] Ðe mial� awɔea? Woayra Nubabla Ka Si Bla, nɔvinyɔnu. Ame nenie nya ha xoxo ma? Míedzinɛ, ƒe geɖe woe nye si va yi.162 Ke menɔ tame bum, zã sia me le, “asi eve pɛ, si susɔ le alafawo dome la ŋuti,” tsã ma si míedzina ha sia heƒoa xlã agbadɔ la, eye mieléa mía nɔewo ƒe asi. Woayra Nubabla Ka Si Bla. Meɖi ame geɖewo le wo dome, ɖe ameɖibɔ si le dzigbe

Page 32: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

32 NYA SI WOGBLƆ LA

afisia la me. Wole lalam. Mekpɔ wo ake. Menɔa wo kpɔm, ɖeka ɖeka, le ŋutega me, nenye be mekpɔ dometsovɔ la godo. Wole afima. Mina míade míaƒe ta to azɔ esime miele ha la dzim.

Woayra nubabla kaMíaƒe dziwo le Kristo ƒe l�l� me;Nɔvi hadede la…Le abe Dziƒo tɔ ma ene.Ne mí…

Azɔ do asi ɖa nalé amea ɖe ƒe asi.…kaklã ɤi ɖo la,

Azɔ míde ta to.Enaa mísea veve le eme;Gake míaganɔ ɖeka le dzi me,Akpɔ mɔ be míagakpe ake.

163 Esi míaƒe tawo le to la. Matsɔ subɔsubɔ la ade asi na kplɔla fifia, eye wòaklã mi le…

TSIDO SIWO GƆME ŊƆ EWE64-0726E

(Broken Cisterns)

Nɔviŋutsu William Marrion Branham ƒe Gbedeasi sia, nye esi eya ŋutɔ gblɔ ɖe Iŋlisigbe me Kwasiɖagbe fiẽ, Siamlɔm 26, 1964, le Branham ƒe Agbadɔ me le Jeffersonville, Indiana, U.S.A., wolée ɖe nuƒoka dzi hetae pɛpɛpɛ le Iŋlisigbe me. Eʋegbe gɔmeɖeɖe sia nye esi Voice of God Recordings ta hemã.

EWE

©2015 VGR, ALL RIGHTS RESERVED

VOICE OF GOD RECORDINGSP.O. BOX 950, JEFFERSONVILLE, INDIANA 47131 U.S.A.

www.branham.org

Page 33: EWE64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWE64-0726E Broken Cisterns VGR.pdf · TSIDO SIWO GƆME ŊƆ Mina míado gbe ɖa. Aƒetɔ, azɔ miexɔe se. Míexɔ

Copyright ƒe kaklãnana

Dzenawo katã nye etɔ. Woate ŋu ata agbalẽ sia le ame ŋutɔ ƒe agbelẽtam dzi hena eŋudɔ wɔwɔ na ame ɖokui alo na emamã, femaxee, sigbe Yesu Kristo ƒe Nyanyuie kaka ƒe dɔwɔnu ene. Womate ŋu adzra agbalẽ sia loo atae le agbɔsɔsɔ gã me, adae ɖe website dzi alo aƒo tee ɖe ma ɖe me daɖi be woagava tsɔe, alo aɖe egɔme ɖe gbe bubuwo me, alo azãe atsɔ bia gae mɔɖeɖe si woŋlɔ maxɔmaxɔ tso Voice Of God Recordings gbɔ o ®.

Hena nananyanya bubu geɖewo alo nu bubu geɖewo ƒe xɔxɔ la, taflatse miŋl nu na:

VOICE OF GOD RECORDINGSP.O. BOX 950, JEFFERSONVILLE, INDIANA 47131 U.S.A.

www.branham.org